Hadzidzi 103
“Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me”
Tatatɔ
1. Tso aƒe me yi aƒe me,
Du me kple kɔƒe me,
Míekakaa Yehowa ƒe nyaa;
Alẽwo dim míele.
Mawu ƒe Fiaɖuƒe ɖu dzi,
Enye nya nyui na mí.
Yesu gblɔe be woaɖe gbeƒãe
L’anyigba katã dzi.
2. Tso aƒe me yi aƒe me,
Míeɖea gbeƒã xɔxɔ
Si li na ’me siwo katã
Yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ.
Ne womenya eŋkɔ o la
’Leke woayɔe mahã?
’Ya ta míayi aƒewo me
Aɖe gbeƒã ŋkɔ la.
3. ’Kema míayi aƒewo me
Kple Fiaɖuƒenya la.
Ne woaxɔ nyaa alo woagbee,
Míana ’mewo natia.
Yehowa ŋkɔ teti míayɔ,
Nyateƒe la míagblɔ.
Ne míeyi aƒewo me la,
Eƒ’alẽwo míakpɔ.
(Kpɔ Dɔw. 2:21; Rom. 10:14 hã.)