Yayra Siwo Tsoa Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Yehowa ƒe Lɔlɔ̃ Ŋu Me—Akpa 1
1 Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Minɛ míalɔ̃e, elabena [Yehowa tre] mí lɔlɔ̃!” (Yoh. I, 4:19) Ne míebu nusiwo katã Yehowa na mí ŋu la, eʋãa mí be míawo hã míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ deto afia. Yesu ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖi to ɖaseɖiɖi tso Mawu ƒe ŋkɔ kple Fiaɖuƒea ŋu toɖoɖotɔe me. (Yoh. 14:31) Anyo be míadzro mɔ siwo dzi míate ŋu ato aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu kple yayra siwo tsoa ewɔwɔ me la dometɔ aɖewo me.
2 Dɔwɔwɔ tso Aƒeme Yi Aƒeme: Yesu fia alesi eƒe nusrɔ̃lawo awɔ Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔae la wo. Eƒe mɔfiamewo ɖee fia kɔte be woawɔ dɔa tso aƒeme yi aƒeme, anɔ nyanyuia kakam. (Luka 9:1-6; 10:1-7) Ebia lɔlɔ̃ na Mawu kple mía havi hafi míate ŋu ayi edzi awɔ dɔa tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu ne amewo metsɔ ɖeke le míaƒe nyaa me o eye wotsi tre ɖe mía ŋu. Gake ne míewɔe nenema la, eɖea vi na mía ŋutɔwo, elabena míaƒe xɔse va sẽna ɖe edzi, kakaɖedzi sẽŋu va ɖoa mía si, eye agbe gaɖoa míaƒe mɔkpɔkpɔ ŋu geɖe wu.
3 Esi míewɔa dɔ le mawudɔlawo ƒe mɔfiafia te ta la, míeke ɖe ame geɖe siwo nyateƒea ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum la ŋu. (Nyaɖ. 14:6) Aƒemenɔla aɖewo gblɔ be ɖeko yewonɔ gbe dom ɖa be woakpe ɖe yewo ŋu tetie Ðasefo aɖe va yewoƒe ʋɔtru nu. Ðasefo eve kple ɖevi dzaa aɖe nɔ dɔ wɔm tso aƒeme yi aƒeme le Carib-ƒukpo aɖe dzi. Esi ame tsitsiawo tso nya me be yewoakpã la, ɖevia tso le eɖokui si zɔ yi ʋɔtru bubu nu ɖaƒo ʋɔa. Ðetugbi aɖe ʋu ʋɔa. Esi ame tsitsiawo kpɔ esia la, wozɔ yi wo gbɔ va ƒo nu na ɖetugbia. Egblɔ na wo be woage ɖe xɔa me eye wòɖe nu me na wo be ɖeko yenɔ gbe dom ɖa na Mawu be wòaɖo Ðasefowo ɖa woava fia Biblia ye koe nye ma!
4 Ðaseɖiɖi le Ablɔwo Dzi: Esi mele bɔbɔe kura le teƒe aɖewo be woake ɖe amewo ŋu le aƒeme o ta la, ablɔdziɖaseɖiɖi nye mɔnu nyui aɖe si dzi míato aɖi ɖase na amewo. Gakpe ɖe eŋu la, ame geɖe le nuto siwo me wodea agbo aƒewo ŋu alo aƒe siwo ŋu wodzɔna vevie me, afisiwo míate ŋu awɔ dɔ tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu le o. Ke hã míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu ʋãa mí be míawɔ mɔnu ɖesiaɖe si anya wɔ ŋudɔ, hekpe ɖe ablɔdziɖaseɖiɖi ŋu, atsɔ Fiaɖuƒegbedasia ayi na amewo.—Lod. 1:20, 21.
5 Tɔtrɔyiwo Wɔwɔ: Esi amesiwo “tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me” dimee míele ta la, míedi be míawɔ nusianu si míate ŋui be míakpɔ nuhiahiã ma gbɔ. (Mat. 5:3, NW) Esia bia be míatrɔ ayi aɖade tsi nyateƒea ƒe ku siwo míeƒã la. (Kor. I, 3:6-8) Nɔvinyɔnu aɖe si le Australia tsɔ trakt aɖe na nyɔnu aɖe si dze abe metsɔ ɖe le eme boo o ene. Ke hã nɔvinyɔnua ɖoe kplikpaa dze agbagba be yeadi nyɔnua ƒe aƒeme. Mlɔeba esi mía nɔvinyɔnua va ke ɖe eŋu la, ekpɔe be le yewoƒe gododo zi gbãtɔ megbe la, nyɔnua yi ɖaƒle Biblia xɔasi aɖe. Nɔvinyɔnua dze nusɔsrɔ̃ gɔme kplii!
6 Biblia-nusɔsrɔ̃wo Wɔwɔ: Esia ate ŋu anye míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa si doa dzidzɔ na ame eye wòaɖea vi wu. Yayra ka gbegbee nye si wònye be míakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu, míakpɔ be wowɔ tɔtrɔ le woƒe agbe me be yewoadze eŋu, eye emegbe míakpɔ eteƒe woatsɔ Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ awɔ woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu ƒe kpɔɖeŋui!—Tes. I, 2:20; Yoh. III, 4.
7 Le tata si akplɔe ɖo me la, míadzro mɔ bubu geɖe siwo nu míekpɔa yayra tso ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu me la me.