Hadzidzi 15
Nuwɔwɔwo Ðea Yehowa Ƒe Ŋutikɔkɔe Fiana
Tatatɔ
1. Yehowa Ma’u, luʋɔnye nyae nyuie be,
Ɣletiviwo ɖea wò ŋ’tikɔkɔe fia.
Tso ŋkeke yi ŋkeke kple zã yi zã
Wofiaa nu ’me fafawo numaƒoe.
Tso ŋkeke yi ŋkeke kple zã yi zã
Wofiaa nu ’me fafawo numaƒoe.
2. Wòe wɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo
Eye nèɖo liƒo na ’tsiaƒuwo.
Wò nu klitsuwo wɔa nuku na mí.
Nu kae míenye, be nèɖoa ŋku mía dzi?
Wò nu klitsuwo wɔa nuku na mí.
Nu kae míenye, be nèɖoa ŋku mía dzi?
3. Wò se de blibo, naa míedzea nunya.
Wò ŋkuɖodzinyawo nèna míenya.
Woxɔ asi, ɛ̃, wonyo wu sika.
Míado vevie nu awɔ wo dzi ɖaa.
Woxɔ asi, ɛ̃, wonyo wu sika.
Míado vevie nu awɔ wo dzi ɖaa.
(Kpɔ Ps. 12:6; 89:7; 144:3; Rom. 1:20 hã.)