Hadzidzi 17
Miyi Ŋgɔ, Mi Ðasefowo!
1. Mawu subɔlawo ɖo tame kplikpaa,
Be woaʋli nya nyui la ta le nuwuɣi sia.
Ne Satana tso ɖe mía ŋu hã,
Míavɔ̃ kura o; míakpɔ mɔ na Yehowa.
(HAXE)
Miyi ŋgɔ, Ðasefowo, milé dzi ɖe ƒo!
Dzi nedzɔ mi le Mawu ƒe dɔa wɔwɔ me!
Miɖe gbeƒã be Mawu Fiaɖuƒea gogo.
Madidi o míaxɔ ’ƒe yayrawo.
2. Yehowa Mawu ƒ’asrafowo míenye,
Míedia xexea kple dziɖula’o ŋudzedze o.
Mokakamanɔŋutɔ míanye,
Míaɖe asi le míaƒe dɔ la ŋu o.
(HAXE)
Miyi ŋgɔ, Ðasefowo, milé dzi ɖe ƒo!
Dzi nedzɔ mi le Mawu ƒe dɔa wɔwɔ me!
Miɖe gbeƒã be Mawu Fiaɖuƒea gogo.
Madidi o míaxɔ ’ƒe yayrawo.
3. Ne Fiaɖuƒenya nyui la amewo gbe,
Ne wodo vlo Yehowa Mawu ƒe ŋkɔa hã,
Nyateƒea lɔ̃lawo ya asee.
’Ya ta míado vevie subɔsubɔdɔa.
(HAXE)
Miyi ŋgɔ, Ðasefowo, milé dzi ɖe ƒo!
Dzi nedzɔ mi le Mawu ƒe dɔa wɔwɔ me!
Miɖe gbeƒã be Mawu Fiaɖuƒea gogo.
Madidi o míaxɔ ’ƒe yayrawo.
(Kpɔ Flp. 1:7; 2 Tim. 2:3, 4; Yak. 1:27 hã.)