INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • sn hadzidzi 97
  • Miyi Ŋgɔ, Mi Fiaɖuƒea Ƒe Subɔlawo!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Miyi Ŋgɔ, Mi Fiaɖuƒea Ƒe Subɔlawo!
  • Midzi Ha Na Yehowa
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yi Ŋgɔ, Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒe La!
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
  • Miyi Ŋgɔ, Mi Ðasefowo!
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
  • Miyi Ŋgɔ, Mi Ðasefowo!
    Midzi Ha Na Yehowa
  • “Ðe Gbeƒã Nya La”
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
Kpɔ Bubuwo
Midzi Ha Na Yehowa
sn hadzidzi 97

Hadzidzi 97

Miyi Ŋgɔ, Mi Fiaɖuƒea Ƒe Subɔlawo!

Tatatɔ

(2 Timoteo 4:5)

1. Yi ŋgɔ, ɖe gbeƒã Fiaɖuƒe la

Na ’mewo l’afi sia ’fi.

Lɔlɔ̃ na mía havi aʋã mí

Míadi ame fafawo.

Subɔsubɔdɔa xɔ asi loo!

Míatsɔ dzidzɔ aɖe gbeƒã.

Míayi gbeadzi ado vevie nu

Be míakɔ Ma’u ƒe ŋkɔ la ŋu.

(HAXE)

Yi ŋgɔ, ɖe gbeƒã Fiaɖuƒenya

la yi didiƒe ke.

Yi ŋgɔ, nɔ Yehowa ƒ’akpa dzi

nàwɔ nuteƒe nɛ.

2. Subɔla vavãwo, miyi ŋgɔ

Ðo ta ’gbefetu la gbɔ.

Míatsɔ dzi siwo le dzadzɛ la

Zɔ Yesu ƒ’afɔɖoƒe.

Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia

Míedi be ’me sia ’me nasee.

Yehowa gbɔe míexɔ dɔ sia tso,

’Ya ta míavɔ̃ naneke o.

(HAXE)

Yi ŋgɔ, ɖe gbeƒã Fiaɖuƒenya

la yi didiƒe ke.

Yi ŋgɔ, nɔ Yehowa ƒ’akpa dzi

nàwɔ nuteƒe nɛ.

3. Ðekawɔwɔ me míele ŋgɔ yim,

Ha suea kple alẽ bubu’o.

’Me tsitsi, ɖevi, ŋutsu, nyɔnu,

Le zɔ ɖem kple nyateƒea.

Subɔsubɔdɔa nye dɔ kɔkɔe,

Menye kɔnu dzro wònye o.

Míana míaƒe nu nadze Ma’u ŋu

To agbe dzadzɛ nɔnɔ me.

(HAXE)

Yi ŋgɔ, ɖe gbeƒã Fiaɖuƒenya

la yi didiƒe ke.

Yi ŋgɔ, nɔ Yehowa ƒ’akpa dzi

nàwɔ nuteƒe nɛ.

(Kpɔ Ps. 23:4; Dɔw. 4:​29, 31; 1 Pet. 2:​21 hã.)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe