Hadzidzi 67
Do Gbe Ða Na Yehowa Gbe Sia Gbe
Tatatɔ
1. Do gbe ɖa na Yehowa Si senɛ.
Míekpɔ mɔnu be míetsɔ eƒe ŋkɔ.
Míeƒoa nu nɛ faa vɔvɔ̃manɔmee,
Mía fofo wònye míaɖo ŋu ɖe ’ŋu.
Do gbe ɖa na Yehowa.
2. Do gbe ɖa na Yehowa gbe sia gbe.
Bia tsɔtsɔke ’ye wò hã nàtsɔ ke.
Ʋu wò nu vɔ̃ me na mía Mawu la.
Eɖoa ŋku ’dzi be kewɔ ko míenye.
Do gbe ɖa na Yehowa.
3. Do gbe ɖa na Yehowa xaxa’o me.
Mía Fofo si tsɔ ɖe mía gbɔ wònye.
Míadi eƒe takpɔkpɔ ɣesiaɣi,
Ate ɖe eŋu kple kakaɖedzi.
Do gbe ɖa na Yehowa.
(Kpɔ Mat. 6:9-13; 26:41; Luka 18:1 hã.)