Hadzidzi 79
Dɔmenyonyo Ƒe Ŋusẽ
Tatatɔ
1. Yayrae wònye be míenya Yehowa
Ƒe nɔnɔme nyuiwo.
Togbɔ be ŋusẽ le esi hã la,
Mawu dɔmenyotɔ wònye.
2. Yesu Kristo hã lɔ̃ dɔmenyonyo
Abe Fofoa ene.
Ekpe ame si’o dzi nu te ɖo be
Woava ne yeana gbɔdzɔe wo.
3. Mina míawo hã míasrɔ̃ Yehowa
Kple Via Yesu Kristo,
Aɖe dɔmenyo vavãtɔ afia
Le míaƒe nuwɔnawo me.
(Kpɔ Mika 6:8; Mat. 11:28-30; Kol. 3:12; 1 Pet. 2:3 hã.)