INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • sn hadzidzi 122
  • Nɔvi Akpeakpewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔvi Akpeakpewo
  • Midzi Ha Na Yehowa
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔvi Akpeakpewo
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
  • Vɔ̃ Evelia—Sɔdolawo ƒe Aʋakɔ
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Nyateƒe Si Ku Ðe Mawudɔlawo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Mawudɔlawo
    Nyɔ!—2017
Kpɔ Bubuwo
Midzi Ha Na Yehowa
sn hadzidzi 122

Hadzidzi 122

Nɔvi Akpeakpewo

Tatatɔ

(Nyaɖeɖefia 7:​9, 10)

1. Nɔvi akpe teƒ’akpewo

Le dukɔwo dome.

Ame sia ’me zɔna le Fɔmaɖimaɖi me.

Míedzi ɖe ’dzi fifia zu Ameha gã aɖe,

Dzia kafukafuha na

Mawu Dukɔwo katã me.

2. Nɔvi akpe teƒ’akpewo

Ðea gbeƒã ’fi sia ’fi.

Nya nyui la doa dzidzɔ na Dzinyuitɔwo katã.

Ne míele gbeƒã ɖem la,

Míakpɔ yometiti.

Gake Yesu ado ŋusẽ mí,

Ana míakpɔ gbɔdzɔe.

3. Nɔvi akpe teƒ’akpewo

Subɔa Ma’u gbe sia gbe

Le gbedoxɔa xɔxɔnu;

Eléa be na mí nyuie.

Gbeƒãɖelawo de ha

Le nya nyui la gblɔm ɖaa.

Míezu Ma’u ƒe hadɔwɔlawo

L’anyigba dzi egbea.

(Kpɔ Yes. 52:7; Mat. 11:​29; Nyaɖ. 7:​15 hã.)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe