Hadzidzi 105
Dziƒowo Le Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe Xlẽm Fia
Tatatɔ
1. Dziƒowo gblɔa Yehowa ƒe ŋ’tikɔkɔe.
Eƒe dɔwɔwɔwo dziŋgɔli ɖea gbeƒãe.
Ŋkeke sia ŋkeke kafua eƒe ŋkɔ.
Zã sia zã xlẽa eƒe ŋusẽ Kple gãnyenye fiana.
2. Yehowa ƒe se de blibo, naa agbe.
Eƒe ŋkuɖodziwo fiaa mɔ mí gbe sia gbe.
Eƒe nya kple afiatsotsowo dzɔ.
Eƒe sewo dza, vivina Wu anyitsi nyuitɔ.
3. Mawuvɔvɔ̃ dza eye wònɔa ’nyi ɖaa.
Eƒe sededewo nyo wu sika nyuitɔ.
Eƒe ɖoɖo’o kpɔa ’me si’o lɔ̃e la ta.
Eƒe ŋkɔ gã míado ɖe dzi Nuteƒewɔwɔtɔe.
(Kpɔ Ps. 111:9; 145:5; Nyaɖ. 4:11 hã.)