Hadzidzi 96
Midi Ame Siwo Dze La Vevie
Tatatɔ
1. Yesu fia ale si míaɖe gbeƒãe mí.
Ena mɔfiame mí gblɔ be:
‘Afi sia afi si míayi la míadi
’Me si’o le nyateƒea dim vevie.
Míado gbe na ’me siwo le aƒea me;
Míakpe ɖe ame siwo dze ŋu.
Ne ame aɖewo gbe nya nyuia sese,
Míaʋuʋu ke le míaƒ’afɔ ŋu.’
2. Ame si’o xɔ mí la, xɔ Aƒetɔ la.
Mawu aʋu woƒe dzi me.
Ne dzi ƒe nɔnɔme nyui le wo si la,
Woasubɔ kpli mí be woakpɔ’agbe.
Míavɔ̃ le nya si míagblɔ ŋu gbeɖe o,
Mawu ŋutɔ akpe ɖe mía ŋu.
Dze nanɔ míaƒe nya me ne wòadze to
Be ɖokuibɔbɔlawo nasee.
(Kpɔ Dɔw. 13:48; 16:14; Kol. 4:6 hã.)