AKPA 7
Ame Kae Nye Yesu?
Yehowa dɔ Yesu ɖo ɖe anyigba dzi. 1 Yohanes 4:9
Ne míedi be míadze Yehowa ŋu la, ame vevi bubu aɖe hã li wòle be míaɖo toe. Ɣeyiɣi didi aɖe hafi Yehowa nawɔ Adam la, ewɔ mawudɔla ŋusẽtɔ aɖe le dziƒo.
Emegbe, Yehowa ɖo ame sia ɖe anyigba dzi; ɖetugbui nɔaƒe Maria ye dzii le Betlehem. Wotsɔ ŋkɔ na ɖevi la be Yesu.—Yohanes 6:38.
Esi Yesu va zu amegbetɔ nɔ anyigba dzi la, eɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo fia le mɔ deblibo nu. Eƒe dɔme nyo, elɔ̃ ame, eye ame sia ame te ŋu tena ɖe eŋu faa. Efia nyateƒea amewo ku ɖe Yehowa ŋu vɔvɔ̃manɔmee.
Nu nyui sɔŋ ko Yesu wɔ, gake amewo lé fui. 1 Petro 2:21-24
Yesu da gbe le dɔnɔwo ŋu eye wòfɔ ame kuku aɖewo hã ɖe tsitre.
Subɔsubɔhakplɔlawo lé fu Yesu elabena egblɔ be wofiaa alakpanu eye woƒe mɔwo vɔ̃ɖi.
Subɔsubɔhakplɔlawo ƒo nya ɖe Romatɔwo nu ale be woƒo Yesu hewui.