AKPA 12
Aleke Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Le Ƒomegbenɔnɔ Me?
Lɔlɔ̃e nye nu vevitɔ si ana nàkpɔ dzidzɔ le ƒomegbenɔnɔ me. Efesotɔwo 5:33
Mawu ƒe ɖoɖoe nye be ŋutsu nàɖe nyɔnu ɖeka ko.
Ŋutsu si lɔ̃ srɔ̃a la wɔa nu ɖe eŋu nyuie, eye wòsea nu gɔme nɛ.
Ele be nyɔnu nawɔ nu aduadu kple srɔ̃a.
Ele be ɖeviwo naɖo to wo dzilawo.
Nyo dɔme, wɔ nuteƒe; mègasẽ ŋuta alo anye nuteƒemawɔla o. Kolosetɔwo 3:5, 8-10
Mawu ƒe Nya la gblɔ be ele be ŋutsu nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ene, eye be nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.
Gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me kple ame si menye ame srɔ̃ o nye nu vɔ̃. Srɔ̃ geɖe ɖeɖe hã nye nu vɔ̃.
Yehowa ƒe Nya la fia ale si ƒomewo awɔ akpɔ dzidzɔ.