INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jl nusɔsrɔ̃ 10
  • Nu Kae Nye Ƒometadedeagu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Nye Ƒometadedeagu?
  • Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðoɖo Aɖe Si Le Kpekpem Ðe Ƒomewo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?—Akpa 2 Lia
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Misubɔ Yehowa Ðekae Abe Ƒome Ene
    Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me
  • Ƒometadedeagu—Àte Ŋu Ana Wòagavivi Wua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
jl nusɔsrɔ̃ 10

NUSƆSRƆ̃ 10

Nu Kae Nye Ƒometadedeagu?

Ƒome aɖe si le vivi sem na ƒometadedeagu

South Korea

Ame kple srɔ̃a siwo le Biblia srɔ̃m ɖekae

Brazil

Yehowa Ðasefo si le Biblia srɔ̃m

Australia

Ƒome aɖe si le Biblia me nyati aɖe me dzrom

Guinea

Tso blema ke la, Yehowa di be ƒomewo nanɔ anyi ɖekae asrɔ̃ nu bene ƒomedodo si le woa kple ye dome la naganyo ɖe edzi, eye wòana ɖekawɔwɔ si le ƒomea me tɔwo dome hã me nagasẽ ɖe edzi. (5 Mose 6:6, 7) Susu sia tae Yehowa Ðasefowo ɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi koŋ na ƒomea ƒe tadedeagu kwasiɖa sia kwasiɖa. Wowɔa ɖeka dzroa Biblia me nya siwo ŋu wotrɔ asi le koŋ be wòakpɔ ƒomea ƒe hiahiãwo gbɔ la me le dziɖeɖi me. Ne wò ɖeka koe li hã, àte ŋu azã ɣeyiɣi sia atsɔ anɔ Biblia srɔ̃m be wòado ŋusẽ ƒomedodo si le mia kple Mawu dome.

Ƒometadedeagu ana nàte ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. Biblia gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Ne míesrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ƒe nɔnɔmewo kple nuwɔnawo ŋu le eƒe Nya, Biblia me la, míeva dzea si eyama nyuie wu. Mɔ bɔbɔe si dzi míato adze ƒometadedeagu gɔmee nye be míazã ɣeyiɣia ƒe akpa aɖe atsɔ axlẽ Biblia ɖekae, eye míate ŋu azɔ ɖe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo si wowɔ na Teokrasi Subɔsubɔ Sukua dzi. Miate ŋu ade nuxexlẽa ƒe akpa aɖe asi na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe, eyome miadzro nu yeye siwo miesrɔ̃ le Biblia ƒe akpa ma me ɖekae.

Ƒometadedeagu akpe ɖe ƒomea me tɔwo ŋu be woawɔ ɖeka. Ne srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo, alo dzilawo kple wo viwo srɔ̃ Biblia ɖekae la, enana ɖekawɔwɔ si le ƒomea me tɔwo dome la me gasẽna ɖe edzi. Ele be wòanye dzidzɔɣi kple ɣeyiɣi si ƒomea me tɔwo katã aɖe dzi ɖi ahanɔ mɔ kpɔm na vevie. Dzilawo ate ŋu atia nyati siwo asɔ na ɖeviawo ɖe woƒe ƒexɔxɔ nu, ɖewohĩ le Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! me alo le míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe, jw.org. Miate ŋu aƒo nu tso kuxi aɖe si ɖeviawo do goe le suku kple ale si woakpɔ egbɔe ŋu. Ðe manyo be miakpɔ television dzi wɔna aɖe le JW Nyakakadɔwɔƒe (tv.jw.org) eye miadzro eme oa? Adzɔ dzi na ƒomea ne miate ŋu ato ha siwo míadzi le kpekpeawo me la me, alo awɔ ɖoɖo ɖe numeɖenu aɖewo ŋu ɣeaɖewoɣi le ƒometadedeagua wɔwɔ vɔ megbe.

Ne miezãa ɣeyiɣi tɔxɛ sia tsɔ dea ta agu na Yehowa kwasiɖa sia kwasiɖa la, ana Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ nagado dzidzɔ na ƒome bliboa geɖe wu, eye wòahe yayra geɖe vɛ na mi.—Psalmo 1:1-3.

  • Susu kawo tae míeɖoa ɣeyiɣi aɖe ɖi koŋ na ƒometadedeagu?

  • Nu kawoe dzilawo ate ŋu awɔ be ɣeyiɣi siawo nado dzidzɔ na ƒomea me tɔwo katã?

ANYO BE NÀWƆ ESIA

Bia hamea me tɔ aɖewo ne woagblɔ nu vovovo siwo wowɔna le woƒe ƒometadeaguɣiwo na wò. Azɔ hã, àte ŋu akpɔ agbalẽ aɖewo le Fiaɖuƒe Akpataa me si nàte ŋu azã atsɔ afia nu viwòwo tso Yehowa ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe