INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • fg nusɔsrɔ̃ 10 biabiawo 1-4
  • Aleke Nàwɔ Akpɔ Tadedeagu Vavãtɔ Adze Sii?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Nàwɔ Akpɔ Tadedeagu Vavãtɔ Adze Sii?
  • Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nàwɔ Ade Dzesi Tadedeagu Vavãtɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Subɔsubɔ si Dzea Mawu Ŋu
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Tso Tadedeagu Vavãtɔ Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Aleke Nàwɔ Akpɔ Subɔsubɔha Vavãtɔ La?
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
Kpɔ Bubuwo
Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
fg nusɔsrɔ̃ 10 biabiawo 1-4

NUSƆSRƆ̃ 10

Aleke Nàwɔ Akpɔ Tadedeagu Vavãtɔ Adze Sii?

1. Subɔsubɔha vavã ɖeka koe lia?

Yesu le nu fiam

‘Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti.’—MATEO 7:15.

Subɔsubɔha ɖeka koe Yesu fia eyomedzelawo, eye eyae nye vavãtɔ. Ele abe mɔ si kplɔa ame yia agbe mee ene. Yesu gblɔ tso mɔ ma ŋu be: “Ame ʋɛ aɖewo koe nye ame siwo kpɔnɛ.” (Mateo 7:14) Tadedeagu si wotu ɖe Mawu ƒe Nya si nye nyateƒe la dzi koe dzea Mawu ŋu. Tadeagula vavãwo katã wɔ ɖeka le xɔse ɖeka me.​—Xlẽ Yohanes 4:23, 24; 14:6; Efesotɔwo 4:4, 5.

Kpɔ video si nye Ðe Subɔsubɔ Ðe Sia Ðe Dzea Mawu Ŋua?

2. Nu kae Yesu gblɔ tso aʋatso Kristotɔwo ŋu?

Subɔsubɔhaŋgɔnɔla aɖe le nu ƒom le sɔleme

“Wogblɔna le dutoƒo be yewonya Mawu, gake wotsɔ woƒe dɔwɔwɔwo gbe nu le egbɔ.”—TITO 1:16.

Yesu xlɔ̃ nu be aʋatsonyagblɔɖilawo ava gblẽ nu le Kristotɔnyenye ŋu. Aʋatsonyagblɔɖilawo dzena abe nyateƒetadeagulawo ene le gota gome. Woƒe sɔlemehawo gblɔna be yewonye Kristotɔwo. Gake àte ŋu anya ame si ƒomevi tututu wonye. Alekee? Tadedeagu vavãtɔ koe nana amewo zua Kristotɔ vavã siwo ɖea nɔnɔme nyuiwo fiana henɔa agbe ɖɔʋu.​—Xlẽ Mateo 7:13-23.

3. Aleke nàwɔ adze si tadeagula vavãwo?

Bu nu atɔ̃ siwo dea dzesi tadeagula vavãwo ŋu kpɔ:

  • Tadeagula vavãwo dea bubu Biblia ŋu be enye Mawu ƒe Nya. Wodzea agbagba nɔa agbe ɖe mɔfiame siwo le eme la nu. Eya ta subɔsubɔha vavãtɔ to vovo tso subɔsubɔha siwo wotu ɖe amegbetɔwo ƒe susuwo dzi la gbɔ. (Mateo 15:7-9) Tadeagula vavãwo meɖea gbeƒã nya aɖe vɔ tso nɔa agbe si to vovo nɛ nɔm o.​—Xlẽ Yohanes 17:17; 2 Timoteo 3:16, 17.

  • Kristotɔ aɖe le Biblia me nuƒo ƒom. Emegbe eva le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒea, ekpɔ asi ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo ŋu, ekpe ɖe ame tsitsiwo ŋu

    Yesu yomedzela vavãwo dea bubu Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa ŋu. Yesu de bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋu esi wona amewo nyae. Ekpe ɖe amewo ŋu wodze si Mawu, eye wòfia wo be woado gbe ɖa be Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti nakɔ. (Mateo 6:9) Subɔsubɔha kae le miaƒe nutoa me si nana amewo nyaa Mawu ƒe ŋkɔa?​—Xlẽ Yohanes 17:26; Romatɔwo 10:13, 14.

  • Kristotɔ vavãwo ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea. Mawu dɔ Yesu ɖa be wòaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ma ŋuti nya nyuia. Mawu Fiaɖuƒeae nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. Yesu ƒo nu tso eŋu va se ɖe eƒe kugbe. (Luka 4:43; 8:1; 23:42, 43) Egblɔ be ye yomedzelawo aɖe gbeƒãe. Ne ame aɖe va gbɔwò be yeaƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu na wò la, subɔsubɔha ka me tɔe nàgblɔ be enye?​—Xlẽ Mateo 24:14.

  • Yesu yomedzelawo menye xexe vɔ̃ɖi sia ƒe akpa aɖeke o. Àte ŋu akpɔ wo adze sii le ale si womekpɔa gome le dunyahehe kple hadomenyaʋiʋliwo me o la me. (Yohanes 17:16; 18:36) Azɔ hã, womesrɔ̃a xexe sia ƒe nɔnɔmewo kple nuwɔna siwo gblẽa nu le ame ŋu la o.​—Xlẽ Yakobo 4:4.

  • Lɔlɔ̃ akuakua le Kristotɔ vavãwo si na wo nɔewo. Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ wɔe be wodea bubu gbe bubu dolawo ŋu. Togbɔ be alakpasubɔsubɔhawo daa megbe na aʋa siwo dukɔwo wɔna hã la, tadeagula vavãwo ya mewɔa esia o. (Mixa 4:1-3) Ke boŋ Kristotɔ vavãwo zãa woƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo tsɔ kpena ɖe amewo ŋu hedea dzi ƒo na wo ɖokuitɔmadimaditɔe.​—Xlẽ Yohanes 13:34, 35; 1 Yohanes 4:20.

4. Àte ŋu ade dzesi subɔsubɔha vavãtɔa?

Subɔsubɔha kae tua eƒe nufiafiawo katã ɖe Mawu ƒe Nya la dzi, eye wòdea bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋu heɖea gbeƒãe be Mawu Fiaɖuƒeae nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia? Ha ka me tɔwoe lɔ̃a ame, eye wotsri aʋawɔwɔ? Kae nàyɔ?​—Xlẽ 1 Yohanes 3:10-12.

Ne èdi numekɔkɔ bubuwo la, kpɔ agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? ƒe ta 15 lia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe