INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 2/1 axa 16-17
  • Tso Tadedeagu Vavãtɔ Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tso Tadedeagu Vavãtɔ Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nàwɔ Akpɔ Tadedeagu Vavãtɔ Adze Sii?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Subɔsubɔ si Dzea Mawu Ŋu
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Aleke Nàwɔ Ade Dzesi Tadedeagu Vavãtɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Mɔ Nyuitɔ Si Dzi Míato Asubɔ Mawu
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 2/1 axa 16-17

Nu Si Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ

Tso Tadedeagu Vavãtɔ Ŋu

Ðe subɔsubɔ ƒomevi ɖe sia ɖe dzea Mawu ŋua?

▪ Ame siwo woble de alakpasubɔsubɔ me ƒe nu wɔ nublanui na Yesu. Exlɔ̃ nu tso ‘aʋatsonyagblɔɖila siwo vaa amewo gbɔ le alẽgbalẽ me, evɔ le ememe la, wonye amegãxi nyanyrawo’ ŋu. (Mateo 7:15) Ðe nède dzesii be ame aɖewo bena ɖe mawusubɔsubɔ megbe nɔa nu vɔ̃ɖiwo womaa?

Yesu gblɔ na Mawu le gbedodoɖa aɖe me be: “Wò nya la nye nyateƒe.” (Yohanes 17:17) Eya ta Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe subɔsubɔ siwo mewɔ ɖeka kple nyateƒenya siwo le Biblia me o la ŋu o. Esia tae Yesu yɔ nya siawo siwo Mawu gblɔ la tɔ ɖe subɔsubɔhaŋgɔnɔla alakpanuwɔlawo ŋu be: “Dzodzroe woyi edzi le ta dem agu nam, elabena nufiafia siwo nye amegbetɔwo ƒe sededewoe wofiana.”—Mateo 15:9.

Ðe subɔsubɔha vavã aɖe lia?

▪ Esi Yesu do go Samaria nyɔnu aɖe si woble de alakpasubɔsubɔ me la, egblɔ nɛ be: “Miedea ta agu na nu si mienya o . . . Nyateƒetadeagulawo atsɔ gbɔgbɔ kple nyateƒe ade ta agu na Fofo la, elabena le nyateƒe me la, Fofo la le ame siawo ƒomevi dim be woade ta agu na ye.” (Yohanes 4:22, 23) Eme kɔ ƒãa be subɔsubɔha vavã aɖe li.

Yesu gblɔ be: “Nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o; ke boŋ ale si Fofo la fiam la, nya siawo megblɔna.” Esia fia be Yesu nyae be subɔsubɔha si ŋu yefiaa nu tso la koe nye vavãtɔ la. (Yohanes 8:28) Eya ta egblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yohanes 14:6) Esi wònye be nyateƒetadeagulawo wɔa ɖeka subɔa Fofo la ta la, ele be woanɔ subɔsubɔha vavã ɖeka me.

Aleke nàwɔ ade dzesi nyateƒetadeagulawo?

▪ Ele be Kristotɔ nanye ame si dzea Yesu Kristo yome. Na míakpɔ mɔ ene aɖewo siwo nu Yesu sɔsrɔ̃ nana eyomedzelawo ɖea dzesi ƒãa le la ɖa.

1. Yesu Kristo gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa aɖe me be: “Mena wonya wò ŋkɔ la.” (Yohanes 17:26) Kristotɔ vavãwo hã wɔna nenema ke.

2. Yesu ɖe gbeƒã tso Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋu eye wòdɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖa be woaɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me. Egblɔ be: “Du sia du alo kɔƒe sia kɔƒe si me mieyi la, midi ame si dze le eme.” Egblɔ na eyomedzelawo emegbe be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.” (Mateo 10:7, 11; 28:19) Àte ŋu akpɔ Kristotɔ vavãwo adze sii egbea bɔbɔe ŋutɔ, elabena wole dɔ ma ke wɔm egbea.

3. Yesu gbe be yemade nu dunyahehe me o. Eya ta egblɔ tso eyomedzelawo ŋu be: “Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o la ene.” (Yohanes 17:14) Ele be woakpɔe le nyateƒetadeagulawo ŋu kɔtɛ be womedea nu dunyahehe me o.

4. Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ le Yesu si na amewo. Egblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Nyateƒe Kristotɔwo lɔ̃a wo nɔewo, eye womekpɔa gome le aʋawɔwɔ me o.

Aleke tadedeagu vavãtɔ aɖe vi na wòe?

▪ Hafi nàte ŋu ade ta agu na Yehowa le nyateƒe me la, ele be nànya eyama nyuie. Sidzedze Mawu ana nànɔ agbe ɖɔʋu, eye wòana lɔlɔ̃ na Mawu nayɔ wò dzi me taŋ. Yehowa do agbe mavɔ ŋugbe na ame siwo lɔ̃nɛ. Eya ta Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.”—Yohanes 17:3.

Kpɔ agbalẽ sia ƒe ta 15 lia hena nyatakaka bubuwo.

Nuka Tututue Nye Biblia Ƒe Nufiafia? Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

“Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖila siwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽ me, evɔ le ememe la, wonye amegãxi nyanyrawo la ŋuti.”​—Mateo 7:15

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe