Nusɔsrɔ̃ 4
Tsi le dzadzam.
Amavi le avi fam be:
“Nyemate ŋu ado o.
Oo, tsia make oa?”
Kasia, nane dzɔ!
Tsia ke,
eye Ŋdɔ le ʋuʋum.
Amavi kpɔ dzidzɔ azɔ!
Amavi ƒu du yi xexe, eye dzi dzɔe ɖe nu dzeani siwo wòkpɔ ŋu.
Amavi gblɔ be: “Nyemenya be Mawue nana tsi dzana ɖe seƒoƒowo dzi wotsina o!”
NUMEDZODZRO
Xlẽ mawunyakpukpui sia na viwòa:
Na viwòa natɔ asi nu siawo dzi:
Fesre Xevi Amavi
Ati Seƒoƒowo
Na wòatɔ asi nu siwo medze nyuie o hã dzi.
Bɔl Yameʋu
Bia viwòa be:
Nu ka tae Yehowa wɔ tsidzadza ɖo?
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
[Nɔnɔmetata si le axa 11]