INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • yc nusɔsrɔ̃ 6 axa 14-15
  • David Mevɔ̃na O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • David Mevɔ̃na O
  • Fia Nu Viwòwo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Tae David Mevɔ̃na O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • David Kple Goliat
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • “Yehowa Tɔe Nye Aʋa La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • David Kple Goliat
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Fia Nu Viwòwo
yc nusɔsrɔ̃ 6 axa 14-15

NUSƆSRƆ̃ 6

David Mevɔ̃na O

Nu kae nèwɔna ne vɔvɔ̃ ɖo wò?​— Ðewohĩ eƒua du yia papa alo dada gbɔ be wòaxɔ na ye. Gake ame bubu aɖe hã li si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Esẽ ŋu wu ame sia ame. Ènya ame si wònyea?​— Nyateƒee, eyae nye Yehowa Mawu. Na míasrɔ̃ nu tso ŋutsuvi aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ŋu. Eŋkɔe nye David. Enya be Yehowa akpe ɖe ye ŋu ɣesiaɣi. Eya ta mevɔ̃na o.

Esime David nye ɖevi la, edzilawo fiae be wòalɔ̃ Yehowa. Esia na be David mevɔ̃na na nu ɖivɔvɔ̃wo gɔ̃ hã o. Enyae be Yehowa nye ye Xɔlɔ̃ eya ta akpe ɖe ye ŋu. Gbe ɖeka esi David nɔ alẽwo dzi kpɔm la, dzata gã aɖe va lé alẽ ɖeka tsɔ dzo yina! Ènya nu si David wɔa? Eƒu du kplɔ dzata la ɖo eye wòwui! Anɔ eme be asi ƒuƒlue wòtsɔ wui. Eye esi sisiblisi aɖe hã lé alẽ ɖeka la, David wu eya hã! Ame kae nèsusu be eyae kpe ɖe David ŋu?​— Nyateƒee, Yehowae.

Ɣebubuɣi la, David ɖee fia be yemevɔ̃na kura o. Israel-viwo nɔ aʋa wɔm kple ame aɖewo siwo woyɔna be Filistitɔwo. Filistitɔwo ƒe aʋawɔla ɖeka kɔkɔ ale gbegbe eye wòdzɔ tsu kako! Eŋkɔe nye Goliat. Ame dzɔtsu kako sia nɔ Israel-viwo ƒe aʋawɔlawo kple Yehowa kom. Goliat gblɔ na Israel-viwo be ne womele vɔvɔ̃m o ko la woneva wɔ aʋa kple ye. Gake Israel-viwo katã nɔ vɔvɔ̃m nɛ. Esi David see la, egblɔ na Goliat be: ‘Mawɔ aʋa kpli wò! Yehowa akpe ɖe ŋunye maɖu dziwò!’ Èsusui be David mevɔ̃na oa?​— Nyateƒee, mevɔ̃na kura o. Ènya nu si gadzɔa?

David tsɔ eƒe akafo kple kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃, eye wòyi be yeawɔ aʋa kple ame dzɔtsu la. Esi Goliat kpɔ be ɖevi koe David nye la, ekoe ŋutɔ. Gake David gblɔ nɛ be: ‘Wò ya ètsɔ yi gbɔna gbɔnyee; ke nye la megbɔna gbɔwò le Yehowa ƒe ŋkɔ me!’ Eye wòtsɔ kpe de eƒe akafo la me, ƒu du ɖo ta Goliat gbɔ eye wòdae. Kpea va dze Goliat ƒe ŋgonu tututu! Ŋutsu dzɔtsu la mu dze anyi gbloo eye wòku! Filistitɔwo vɔ̃ ale gbegbe be ɖeko wo katã wosi dzo. Nu kae na David ŋutsuvi dza sia te ŋu ɖu ame dzɔtsu ma dzi?​— Yehowae kpe ɖe David ŋu elabena Yehowa sẽ ŋu boo wu ame dzɔtsu ma!

David wu Goliat

David mevɔ̃na o, elabe enya be Yehowa akpe ɖe ye ŋu

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso David ƒe ŋutinya me?​— Yehowa sẽ ŋu boo wu ame sia ame. Eye wònye xɔ̃wò. Eya ta ne vɔvɔ̃ di be yeaɖo wò la, ɖo ŋku edzi be Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be mavɔ̃ o!

XLẼE LE WÒ BIBLIA ME

  • Psalmo 56:3, 4

  • 1 Samuel 17:20-54

BIABIAWO:

  • Nu kae David wɔ esi dzata kple sisiblisi va lé eƒe alẽ?

  • Esi Goliat ko Yehowa la, nya kae David gblɔ nɛ?

  • Aleke David wɔ ɖu Goliat dzi?

  • Nu ka tae David mevɔ̃ na dzata, sisiblisi kple ŋutsu dzɔtsua o?

  • Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso David ƒe ŋutinya me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe