INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 40 axa 98-axa 99 mm. 2
  • David Kple Goliat

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • David Kple Goliat
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Yehowa Tɔe Nye Aʋa La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • David Kple Goliat
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • David Mevɔ̃na O
    Fia Nu Viwòwo
  • Nu Si Tae David Mevɔ̃na O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 40 axa 98-axa 99 mm. 2
David tsɔ akafo da kpe Goliat

NUSƆSRƆ̃ 40

David Kple Goliat

Yehowa gblɔ na Samuel be: ‘Yi Isai ƒe aƒe me. Viawo dometɔ ɖekae anye Israel-fia yeyea.’ Eya ta Samuel yi Isai ƒe aƒe me. Esi wòkpɔ Isai vi tsitsitɔ la, egblɔ be: ‘Ðekakpui siae anye fia la.’ Gake Yehowa gblɔ na Samuel be menye ame siae o. Yehowa gblɔ be: ‘Mekpɔa nu si le ame ƒe dzi me, ke menye eƒe dzedzeme ɖeɖe ko o.’

Samuel si ami na David

Isai kplɔ viaŋutsu ade bubuwo va Samuel gbɔ. Gake Samuel gblɔ be: ‘Yehowa metia wo dometɔ aɖeke o. Ðe viŋutsu bubuwo gale asiwòa?’ Isai ɖo eŋu be: ‘Ðeka si nye ɖevitɔ, si ŋkɔe nye David la li. Ele nye alẽwo kplɔm le gbedzi.’ Esi David va la, Yehowa gblɔ na Samuel be: ‘Ame siae!’ Samuel kɔ ami ɖe tame na David tsɔ si ami nɛ be wòanye Israel-fia yeyea.

Goliat

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Israel-viwo nɔ aʋa wɔm kple Filistitɔwo, eye aʋawɔla kalẽtɔ dzɔtsu aɖe si ŋkɔe nye Goliat lae nɔ aʋa wɔm na wo. Goliat ɖua fewu le Israel-viwo ŋu gbe sia gbe. Edo ɣli be: ‘Mitia ame aɖe ne wòava wɔ aʋa kplim. Ne eɖu dzinye la, míazu miaƒe kluviwo. Gake ne meɖu edzi la, miazu míaƒe kluviwo.’

David tsɔ nuɖuɖu vɛ na foa siwo nye aʋawɔlawo le afi si Israel ƒe aʋawɔlawo ƒo ƒu ɖo. David se nya siwo Goliat gblɔ eye wògblɔ be: ‘Mawɔ aʋa kplii!’ Fia Saul gblɔ nɛ be: ‘Ŋutsuvi dzaa ko nènye.’ David ɖo eŋu be: ‘Yehowa akpe ɖe ŋunye.’

Saul dze agbagba be yeado yeƒe aʋawu na David, gake David gblɔ be: ‘Nyemate ŋu anɔ awu sia me awɔ aʋa o.’ David tsɔ eƒe akafo eye wòyi tɔ aɖe to. Efɔ kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃ de eƒe akplo me. Eye wòƒu du ɖo ta Filistitɔ la gbɔ. Ŋutsu dzɔtsu la do ɣli be: ‘Wò ŋutsuvi sue, va afii. Matsɔ wò ana dziƒoxewo kple gbemelãwo woaɖu.’ David mevɔ̃ kura o. Eya hã do ɣli be: ‘Ètsɔ yi kple akplɔ gbɔna gbɔnye, gake nye ya megbɔna gbɔwò le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Menye míawoe nèle aʋa wɔm kplii o; ke boŋ Mawue. Ame sia ame si le afi sia akpɔe be Yehowa sesẽ wu yi kple akplɔ. Atsɔ mi katã ade asi na mí.’

David wɔ kaba tsɔ kpe ɖeka de eƒe akafo la me eye wòdae sesĩe ale si wòate ŋui. Yehowa na kpea do ɖadze Goliat ƒe ŋgo hege ɖe tago me nɛ. Ŋutsu dzɔtsu la dze anyi gbloo eye wòku. David ƒu du yi egbɔ eye wòtsɔ Goliat ŋutɔ ƒe yi tso ta le enu. Enumake Filistitɔawo si. Ðe nèɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu abe David enea?

“Le amegbetɔwo gbɔ la, manya wɔ o, ke mele nenema le Mawu gbɔ o, elabe Mawu ya tea ŋu wɔa nu sia nu.”—Marko 10:27

Nyabiasewo: Ame kae Yehowa tia be wòanye Israel-fia yeyea?

Aleke David wɔ ɖu Goliat dzi?

1 Samuel 16:1-13; 17:1-54

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe