INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • yc nusɔsrɔ̃ 14 axa 30-31
  • Fiaɖuƒe Si Aɖu Anyigba blibo La Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fiaɖuƒe Si Aɖu Anyigba blibo La Dzi
  • Fia Nu Viwòwo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Xɔlɔ̃wo Anɔ Paradiso Me
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba?
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Amekawoe Woafɔ Ðe Tsitre? Afikae Woava Nɔ?
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Fiaɖuƒe Si Ana Anyigba Bliboa Natrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Fia Nu Viwòwo
yc nusɔsrɔ̃ 14 axa 30-31
Yesu Kristo le fia ɖum ɖe Paradisonyigbaa dzi

NUSƆSRƆ̃ 14

Fiaɖuƒe Si Aɖu Anyigba Blibo La Dzi

Ènya fiaɖuƒe si ŋu míele nu ƒom tsoea?​— Nyateƒee, eyae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Enye Fiaɖuƒe si ana anyigba nazu paradiso. Àdi be yeanya nu geɖe tso Fiaɖuƒe sia ŋua?​—

Fia nɔa Fiaɖuƒe ɖe sia ɖe nu. Eye fia la ɖua fia ɖe ame siwo le eƒe dukɔa me la dzi. Ènya ame si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia?​— Yesu Kristoe. Ele dziƒo. Eteƒe madidi o aɖu fia ɖe anyigbadzinɔlawo katã dzi! Èsusu be dzi adzɔ mí ne Yesu va le anyigba bliboa katã dzi ɖuma?​—

Nu kawoe nàdi be yeakpɔ le Paradisoa me?

Dzi adzɔ mí ŋutɔ! Le paradisoa me la, amewo magada kɔ kple wo nɔewo o. Amewo magawɔ aʋa o. Ame sia ame alɔ̃ nɔvia. Ame aɖeke magadze dɔ alo aku o. Ame siwo ƒe ŋku gbã la akpɔ nu, ame siwo ƒe to ku la hã ase nu, eye ame siwo metea ŋu zɔna o la aƒu du ahati kpo. Nuɖuɖu asɔ gbɔ ɖe ame sia ame si. Eye lãwo afe kple wo nɔewo eye woanye mí amegbetɔwo ƒe xɔlɔ̃wo. Ame siwo ku la agbɔ agbe. Ŋutsu kple nyɔnu siwo ŋuti nèsrɔ̃ nu tsoe le agbalẽ gbadza sia me la hã agbɔ agbe! Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Rebeka, Raxab, David kple Eliya. Ðe nèdi be yeakpɔ wo ne wogbɔ agbea?​—

Yehowa lɔ̃ wò eye wòdi be dzi nadzɔ wò. Ne èyi edzi le nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu eye nèɖoa toe la, àte ŋu anɔ paradiso si nya kpɔ ŋutɔ la me tegbee! Ðe esia medzro wò oa?​—

XLẼE LE WÒ BIBLIA ME

  • Yesaya 2:4; 11:6-9; 25:8; 33:24; 35:5, 6

  • Yohanes 5:28, 29; 17:3

BIABIAWO:

  • Ame kae nye Mawu Fiaɖuƒe la ƒe Fia?

  • Ame kawo dzie Yesu aɖu fia ɖo?

  • Aleke agbea anɔ ne Yesu le fia ɖum ɖe anyigba dzi?

  • Ne èdi be yeanɔ agbe tegbee le Paradiso me la, nu kae wòle be nàwɔ?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe