INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 10/1 axa 24-25
  • Fiaɖuƒe Si Ana Anyigba Bliboa Natrɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fiaɖuƒe Si Ana Anyigba Bliboa Natrɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Nye Mawu Ƒe Fiaɖuƒe La?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒea?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Nu Si Yesu Fia Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 10/1 axa 24-25

Fia Nu Viwòwo

Fiaɖuƒe Si Ana Anyigba Bliboa Natrɔ

ÈNYA Fiaɖuƒe si ƒe nya gblɔm míele le afi sia?—a Eyae nye Fiaɖuƒe si Yesu fia mí be míado gbe ɖa abia. Efia mí be míabia Mawu be: “Wò fiaɖuƒe nava.” (Mateo 6:9, 10) Yesu yome dzelawo le gbe dom ɖa na Mawu be eƒe Fiaɖuƒea nava ƒe 2,000 kloe nye esia. Wò hã èdo gbe ma ɖa kpɔa?—

Hafi nànya nu si fiaɖuƒe nye la, ele be nànya ame si woyɔna be fia. Ame si le dzi ɖum lae woyɔna be fia. Woyɔa teƒe si dzi ɖum wòle la be fiaɖuƒe. Mawu Fiaɖuƒea aɖu anyigba blibo la katã hã dzi. Ne Mawu Fiaɖuƒea va la, ahe yayra geɖe avae na anyigba dzi nɔlawo katã.

Dziƒoe Mawu Fiaɖuƒea le. Biblia ƒo nu tso Ame si anye fiaɖuƒe sia ƒe fia ŋu le Yesaya 9:5. Se nya si wògblɔ tso eŋu ɖa: “Wodzi vi na mí, . . . dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be . . . ŋutifafafia.”

Ame kae nye Fia si ƒo ɖe sia ɖe ta le dziƒo?— Ne èɖo eŋu be Yehowa la, ekema ègblɔe nyuie. Biblia gblɔ be eya “ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi.” (Psalmo 83:19) Woyɔ Yesu le Biblia me edziedzi be “Mawu ƒe Vi.” Susu siwo tae woyɔ Yesu nenema la dometɔ ɖekae nye be Yehowae wɔe. Yesu Fofo ŋutɔŋutɔe nye Yehowa.—Luka 1:34, 35; Yohanes 1:34, 49; 3:17; 11:27; 20:31; Dɔwɔwɔwo 9:20.

Dziɖuɖu tɔxɛ aɖee Mawu ƒe Fiaɖuƒe si Yesu fia mí be míado gbe ɖa abia la nye. Yehowa tsɔ Via, Yesu, ɖo Fiaɖuƒea ƒe Fia. Gake ènya be woatia ame bubuwo hã be woaɖu fia kpe ɖe Yesu ŋu le Fofoa ƒe Fiaɖuƒea mea?— Na míaƒo nu tso wo ŋu vie.

Esi wòsusɔ vie Yesu naku la, egblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo be yeyina ye Fofo si le dziƒo la “ƒe me.” Egblɔ na wo be: “Meyina be madzra teƒe ɖo ɖi na mi, . . . bene afi si mele la, miawo hã mianɔe.” (Yohanes 14:1-3) Ènya nu si apostoloawo kple ame bubu siwo wotia la akpe ɖe Yesu ŋu woawɔ le dziƒoa?— “Woaɖu fia kplii.” Biblia yɔ ame siwo aɖu fia kple Yesu la ƒe xexlẽme gɔ̃ hã. Egblɔ be woanye ame 144,000.—Nyaɖeɖefia 14:1, 3; 20:6.

Aleke nèsusu be xexea me anɔ ne Ŋutifafafia la kple ame 144,000 siwo wotia kpe ɖe eŋu la le anyigba dzi ɖum?— Agbea avivi ŋutɔ! Ame aɖeke magawɔ aʋa o. Lãwo magawɔ nuvevi wo nɔewo o, eye womagawɔ nuvevi míawo hã o. Ame aɖeke magadze dɔ alo aku o. Ŋkuagbãtɔwo akpɔ nu, tokunɔwo ase nu, gbafawo aƒu du ahati kpo abe zi ene. Anyigba awɔ nu ame sia ame naɖu aɖi ƒo. Ame sia ame alɔ̃ nɔvia abe ale si Yesu fia eyomedzelawo be woawɔe ene. (Yohanes 13:34, 35) Na míaxlẽ mawunyakpukpui siwo woŋlɔ ɖe afi sia, siwo dze le Yesaya ƒe agbalẽa me, ne míakpɔ nu nyui siwo ava eme la ɖa.—Yesaya 2:4; 11:6-11; 25:8; 33:24; 35:5, 6; 65:21-24.

Tso esime Yesu fia amewo be woado gbe ɖa be “wò fiaɖuƒe nava” la, ame miliɔn geɖewo va srɔ̃ nu tso Fiaɖuƒe ma ŋu. Nu si wosrɔ̃ tso eŋu la na wotrɔ woƒe agbenɔnɔ. Esusɔ vie Fiaɖuƒe ma ava xɔ ɖe dziɖuɖu siwo katã le anyigba dzi ɖum fifia la teƒe; ekema ame siwo katã le Yehowa Mawu subɔm, eye wobɔbɔna ɖe Yesu Kristo si wòtia be wòanye Fia te la, anɔ ŋutifafa, lãmesẽ kple dzidzɔ me.—Yohanes 17:3.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.

BIABIAWO:

▪ Ame kae nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia?

▪ Ame kawoe aɖu fia kple Yesu le Fofoa ƒe Fiaɖuƒea me?

▪ Aleke xexea me anɔ ne Yesu le fia ɖum?

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe