INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 8 axa 24-axa 25 mm. 5
  • Wosi Le Dziɖula Vɔ̃ɖi Aɖe Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wosi Le Dziɖula Vɔ̃ɖi Aɖe Nu
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sisi le Ŋutasẽdziɖula aɖe Nu
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Ekpɔ Eƒe Ƒomea Ta, Elé Be Na Wo, Edo Vevie Nu
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Ekpɔ Eƒe Ƒomea Ta, Elé Be Na Wo, Edo Vevie Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Exɔ Mawu ƒe Mɔfiafia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 8 axa 24-axa 25 mm. 5
Fia Herodes ɖe gbe be woawu ŋutsuvi suewo katã le Betlehem

TA 8

Wosi Le Dziɖula Vɔ̃ɖi Aɖe Nu

MATEO 2:13-23

  • YESU ƑE ƑOMEA SI YI EGIPTE

  • YOSEF KPLE EƑE ƑOMEA ƲU YI NAZARET

Yosef nyɔ Maria be yeagblɔ nya aɖe si bia nuwɔwɔ kpata la nɛ. Ðeko Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃e me teti koe nye ema hegblɔ nɛ be: “Tso nàkplɔ ɖevi la kple dadaa ne miasi ayi Egipte, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime magblɔ na wò be nàtrɔ agbɔ, elabena Herodes le ɖevi la di ge be yeawu.”—Mateo 2:13.

Enumake Yosef, Maria kple wo vi la si dzo le zã me. Ɣeyiɣi si wosi la sɔ ŋutɔ, elabena Herodes se be ɣletivimefakalaawo flu ye. Do ŋgɔ la, egblɔ na wo be woatrɔ ava ka nya ta na ye. Gake le ema teƒe la, wodzo le dua me. Herodes do dziku vevie. Esi wòle didim kokoko be yeawu Yesu ta la, eɖe gbe be woawu ŋutsuvi siwo katã le Betlehem kple eƒe nutowo me siwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o. Nya si ɣletivimefakala siwo tso Ɣedzeƒe la gblɔ nɛ do ŋgɔ dzie wònɔ te ɖo bu ƒe si Yesu anya xɔ ɣemaɣi.

Asrafo aɖe lé vidada aɖe be yeaxɔ viaŋutsuvi le esi

Nu dziŋɔ ŋutɔe wònye be wowu ŋutsuvi dzaa mawo katã! Míenya ŋutsuvi nenie wowu o, gake vidada siwo ƒe viwo wowu la ƒe avifafa kple ɣlidodo sesĩ la na Biblia me nyagblɔɖi aɖe si Mawu to eƒe nyagblɔɖila Yeremiya dzi gblɔ ɖi la va eme.—Yeremiya 31:15.

Le ɣeyiɣi ma me la, Yosef kple eƒe ƒomea si va le Egipte, eye wonɔ afi ma. Ke gbe ɖeka le zã me la, Yehowa ƒe dɔla gaɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe. Mawudɔlaa gblɔ nɛ be: “Tso nàkplɔ ɖevia kple dadaa miayi Israel-nyigba dzi, elabena ame siwo di be yewoaɖe ɖevi la ƒe agbe ɖa la ku.” (Mateo 2:20) Eya ta Yosef ƒo nya ta azɔ be ye kple yeƒe ƒomea yewoate ŋu atrɔ ayi yewo de. Esia na Biblia me nyagblɔɖi bubu va eme. Eyae nye be woyɔ Mawu ƒe Vi la tso Egipte vɛ.—Hosea 11:1.

Edze abe ɖe Yosef di be yeana yeƒe ƒomea nava nɔ Yudea, ɖewohĩ le afi si gogo Betlehem, si nye du si me wonɔ hafi si yi Egipte la ene. Gake ese be Herodes viŋutsu vɔ̃ɖi Arkelao ye nye Yudea-fia ɣemaɣi. Mawu xlɔ̃ nu Yosef tso afɔku si le afi ma yiyi ŋu le drɔ̃e bubu me. Eya ta Yosef kple eƒe ƒomea zɔ mɔ yi dziehe ɖaa heva nɔ Nazaret, si le Galilea nutoa me, si le adzɔge tso afi si Yuda subɔsubɔ xɔ aƒe ɖo wu la gbɔ. Nuto sia mee Yesu nɔ tsi, eye esia na nyagblɔɖi bubu aɖe va eme be: “Woayɔe be Nazaretetɔ.”—Mateo 2:23.

  • Esi ɣletivimefakalawo megatrɔ gbɔ o la, nu kae Fia Herodes wɔ, eye aleke wokpɔ Yesu si nye ɖevi la tae?

  • Esi Yosef kple eƒe ƒomea trɔ tso Egipte la, nu ka tae womegava nɔ Betlehem o?

  • Biblia me nyagblɔɖi kawoe va eme le ɣeyiɣi sia me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe