Ta 8
Sisi le Ŋutasẽdziɖula aɖe Nu
YOSEF nyɔ Maria be yeagblɔ nya vevi aɖe nɛ. Yehowa ƒe dɔla va egbɔ fifi laa va gblɔ nɛ be: “Fɔ, natsɔ ɖevi la kple dadaa, eye nasi ayi Egipte, eye nanɔ afima, vaseɖe esime magblɔe na wò; elabena Herodes le ɖevi la dim be, yeawu.”
Wo ame etɔ̃a si dzo enumake. Eye esia dze ɣeyiɣi nyuitɔ dzi ŋutɔ elabena Herodes se be ɣletivimefakalawo flu ye hesi dzo le dukɔa me. Ðo ŋku edzi be egblɔ na wo be woatrɔ ava ka nya ta na ye ne woke ɖe Yesu ŋu. Herodes do dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ. Eyata le agbagba dzedze be yeawu Yesu me la, eɖe gbe be woawu ŋutsuvi siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me siwo xɔ ƒe eve kple esiwo metsi ɖo nenema haɖe o. Nyatakaka si wòxɔ do ŋgɔ tso ɣletivimefakala siwo tso Ɣedzeƒe gbɔ dzie wòbu ƒexɔxɔ ƒe akɔnta sia ɖo.
Vidzĩe siawo siwo nye ŋutsuviwo katã wuwu teƒe kpɔkpɔ nye nusi dzi ŋɔ loo! Herodes ƒe asrafowo ge ɖe aƒe ɖesiaɖe me. Eye ne wokpɔ vidzĩe aɖe si nye ŋutsuvi la, woʋlinɛ le dadaa si. Míenya vidzĩe nenie wowu o, gake vidadawo ƒe avifafa kple ɣlidodo gã la na Mawu ƒe nyagblɔɖila Yeremya ƒe Biblia me nyagblɔɖi aɖe va eme.
Gake le ɣeyiɣi sia me la, Yosef kple eƒe ƒomea va ɖo Egipte dedie, eye afimae wole fifia. Gake le gbeɖeka zã me la, Yehowa ƒe dɔla gaɖe eɖokui fia Yosef ake le drɔ̃eƒe. Mawudɔla la gblɔ be: “Fɔ, nakplɔ ɖevi la kple dadaa ayi ɖe Israel-nyigba dzi, elabena amesiwo le ɖevi la ƒe ku dim la, woku.” Eyata le Biblia me nyagblɔɖi bubu si gblɔ be woayɔ Mawu ƒe Vi la tso Egipte la me vava me la, ƒomea trɔ va wo denyigba dzi.
Edze abe ɖe Yosef di be yeava nɔ Yudea, afisi wonɔ tsã le Betlexem-dua me hafi si yi Egipte la ene. Gake ese be Herodes viŋutsu vɔ̃ɖi Arxelao ye nye Yudea-fia fifia, eye Yehowa xlɔ̃ nui tso afɔku si li la ŋu le drɔ̃e bubu me. Eyata Yosef kple eƒe ƒomea zɔ mɔ yi anyiehe eye wova nɔ du si nye Nazaret si le Galilea la me. Du sia si te ɖa tso Yuda-subɔsubɔ ƒe agbenɔnɔ gbɔ mee Yesu nɔ tsi. Mateo 2:13-23; Yeremya 31:15; Hosea 11:1.
▪ Esi ɣletivimefakalawo megatrɔ gbɔ o la, nu dziŋɔ kae Fia Herodes wɔ, gake aleke wokpɔ Yesu tae?
▪ Esi wotrɔ gbɔ tso Egipte la, nukatae Yosef megava nɔ Betlexem o?
▪ Biblia me nyagblɔɖi kawoe va eme le ɣeyiɣi sia me?