TA 2
Ðoƒe Si Le Kristo Si Le Mawu Ƒe Ðoɖo Me La Nyanya Kple Lɔlɔ̃ Ðe Edzi
“LE GƆMEDZEDZEA me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba,” eye nu siwo katã wòwɔ la ‘nyo ŋutɔ.’ (1 Mose 1:1, 31) Yehowa wɔ amegbetɔwo hetsɔ etsɔmemɔkpɔkpɔ wɔnukuwo ɖo wo ŋkume. Gake aglãdzedze si yi edzi le Eden-bɔa me va tso ameƒomea ƒe dzidzɔkpɔkpɔa me. Ke hã, tame si Yehowa ɖo ɖe anyigba kple amegbetɔƒomea ŋu metrɔ o. Mawu ɖee fia be ɖeɖekpɔkpɔ anɔe na Adam ƒe dzidzimevi toɖolawo. Woagbugbɔ tadedeagu vavãtɔa aɖo anyi, eye Mawu atsrɔ̃ vɔ̃ɖitɔ la kple eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo katã. (1 Mose 3:15) Ɣemaɣi la, nu sia nu ‘aganyo’ abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene. Yehowa ato Via, Yesu Kristo, dzi awɔ esia. (1 Yoh. 3:8) Eya ta ele vevie ŋutɔ be míanya ɖoƒe si le Kristo si le Mawu ƒe ɖoɖo me ahalɔ̃ ɖe edzi.—Dɔw. 4:12; Flp. 2:9, 11.
KRISTO ƑE ÐOƑE
2 Ne míede ŋugble le ɖoƒe si Kristo le le Mawu ƒe ɖoɖoa me ŋu la, míekpɔnɛ be eƒe ɖoƒea bia be wòawɔ wɔƒe vovovowo. Yesu nye ameƒomea Ðela, Nunɔlagã kple Kristo hamea ƒe Ta, eye fifia la, enye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia. Ŋugbledede le eƒe wɔƒe vovovo siawo ŋu nana míegakpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe ɖoɖoa ŋu geɖe wu eye wònana míegalɔ̃a Kristo Yesu vevie wu. Biblia ƒo nu tso eƒe wɔƒe vovovoawo dometɔ aɖewo ŋu.
Yesu koŋ dzie Yehowa ato ana tame si wòɖo ɖe ameƒomea ŋu nava eme
3 Le Kristo ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔɣi la, eva ɖe dzesi be eyama dzie woato alé avu le ameƒomea me tɔ toɖolawo kple Mawu dome. (Yoh. 14:6) Esi Yesu nye ameƒomea Ðela ta la, etsɔ eɖokui na tafee ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta. (Mat. 20:28) Eya ta menye mawusosroɖagbenɔnɔ ƒe kpɔɖeŋu koe Yesu va ɖo ɖi na mí o. Eya koŋ dzie Yehowa ato ana tame si wòɖo ɖe ameƒomea ŋu nava eme. Eya dzi koe míato be Mawu nagakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu ake. (Dɔw. 5:31; 2 Kor. 5:18, 19) Yesu ƒe vɔsakua kple tsitretsitsia ʋu mɔ na ameƒomea me tɔ toɖolawo be woaxɔ yayra mavɔwo le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te.
4 Esi Yesu nye Nunɔlagã ta la, etea ŋu ‘sea veve ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu’ eye wòléa avu ɖe eyomedzela ɖeadzɔgbe siwo le anyigba dzi ƒe nu vɔ̃wo ta. Apostolo Paulo ɖe nu me be: “Menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu o lae le mía si o, ke boŋ ame si wodo kpɔ le go sia go me abe míawo ke ene, ke nu vɔ̃ koe mele eŋu o.” Eya ta Paulo de dzi ƒo na ame siwo xɔ Yesu Kristo dzi se la be woawɔ amegbetɔwo kple Mawu dome avuléɖoɖo sia ŋu dɔ bliboe, esi wògblɔ be: “Eya ta mina dzi nanɔ mía ƒo míate ɖe amenuvevezikpui la ŋu aƒo nu faa, ale be wòakpɔ nublanui na mí, eye wòave mía nu le hiahiãgbe.”—Heb. 4:14-16; 1 Yoh. 2:2.
5 Azɔ hã Yesu nye Kristo hamea ƒe Ta. Abe ale si wònɔ le eyomedzelawo gome le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, mehiã be amegbetɔ aɖeke nanye míaƒe kplɔla egbea o. Yesu toa gbɔgbɔ kɔkɔea dzi naa mɔfiame alẽkplɔlatevi siwo dze, ame siwo ana akɔnta eyama kple Fofoa si le dziƒo le ale si wokplɔ Mawu ƒe alẽha lae ŋuti. (Heb. 13:17; 1 Pet. 5:2, 3) Yehowa ƒo nu tso Yesu ŋu le nyagblɔɖi me be: “Kpɔ ɖa! Metsɔe ɖo ɖasefo na dukɔwo, metsɔe ɖo kplɔla kple dziɖula na dukɔwo.” (Yes. 55:4) Yesu ɖo kpe edzi be nyagblɔɖi sia va eme ɖe ye dzi esi wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Womegayɔ mi be kplɔlawo hã o, elabena ame ɖekae nye miaƒe Kplɔla, eyae nye Kristo la.”—Mat. 23:10.
6 Be Yesu naɖe eƒe tamesusu kple ale si wòlɔ̃ faa be yeakpe ɖe mía ŋui afia la, ekpe mí be: “Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana gbɔdzɔe mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena mefa tu, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na mia ɖokuiwo. Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mat. 11:28-30) Esi Yesu Kristo le hamea kplɔm tufafatɔe, le mɔ si ana míakpɔ gbɔdzɔe nu ta la, eɖee fia be yee nye “alẽkplɔla nyui la” le Fofoa, Yehowa Mawu, si le dziƒo la, sɔsrɔ̃ me.—Yoh. 10:12; Yes. 40:11.
7 Le agbalẽ gbãtɔ si Paulo ŋlɔ na Korintotɔwo me la, eɖe Yesu Kristo ƒe wɔƒe bubu me esi wògblɔ be: “Ele be wòaɖu fia va se ɖe esime Mawu natsɔ futɔwo katã ade eƒe afɔ te. Ke ne wotsɔ nuwo katã de ete vɔ la, ekema Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade Ame si tsɔ nuwo katã de ete la te, ale be Mawu nanye nuwo katã na ame sia ame.” (1 Kor. 15:25, 28) Hafi Yesu nava anyigba dzi la, enye Mawu ƒe “dɔnunɔla,” elabena eyae nye Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ. (Lod. 8:22-31) Esime Mawu dɔ Yesu ɖe anyigba dzi la, ewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ɣeawokatãɣi. Edo dzi to dodokpɔ sesẽtɔ kekeake me eye wòwɔ nuteƒe na Fofoa yi ɖase ɖe keke ku me ke. (Yoh. 4:34; 15:10) Esi Vi la wɔ nuteƒe yi ɖase keke ku me ke ta la, Mawu fɔe ɖe tsitre wòyi dziƒo eye wòna ŋusẽe wòzu Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia. (Dɔw. 2:32-36) Esi Kristo Yesu nye Fiaɖuƒea ƒe Fia ta la, Mawu de dɔ gã aɖe asi nɛ be wòanɔ ŋgɔ na gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋuwo ƒe ha gã aɖe ne woaɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu kpakple vɔ̃ɖinyenye ƒomevi ɖe sia ɖe ɖa le anyigba dzi. (Lod. 2:21, 22; 2 Tes. 1:6-9; Nyaɖ. 19:11-21; 20:1-3) Ekema, Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea, si le Kristo si me la, koe anye dziɖuɖu ɖeka hɔ̃ si aɖu anyigba blibo la dzi.—Nyaɖ. 11:15.
NU SI WÒFIA BE WOALƆ̃ ÐE EƑE ÐOƑEA DZI
8 Ame debliboe Yesu Kristo, míaƒe Kpɔɖeŋuɖola la, nye. Wode dɔ asi nɛ be wòalé be na mí. Hafi eƒe beléname lɔlɔ̃tɔe la naɖe vi na mí la, ele be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa eye míanɔ zɔzɔm aduadu kple Yehowa ƒe habɔbɔ si le azɔli dzi la.
9 Yesu yomedzela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la lɔ̃ ɖe ɖoƒe si le Kristo si le Mawu ƒe ɖoɖo me dzi bliboe. Woɖe esia fia esi wowɔ dɔ aduadu le ɖekawɔwɔ me eye wobɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Kristo ƒe tanyenye te hewɔ ɖe eƒe mɔfiame siwo wòna to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi la dzi. (Dɔw. 15:12-21) Apostolo Paulo ƒo nu tso Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea ƒe ɖekawɔwɔ ŋu esi wòŋlɔ bena: “Mina míato nyateƒe, ale be míato lɔlɔ̃ me atsi le nuwo katã me le Kristo, si nye ta la me. Eya gbɔe wòtso be wokpe ŋutilã blibo la ɖekae pɛpɛpɛ, eye wona wòle dɔ wɔm ɖekae esi eƒe kpeƒekpeƒewo katã le woƒe akpa dzi wɔm. Ne ŋutinu ɖe sia ɖe wɔa eƒe dɔ nyuie la, ewɔnɛ be ŋutilã la tsina le esi wòtua eɖokui ɖo le lɔlɔ̃ me ta.”—Ef. 4:15, 16.
10 Ne ame siwo le hamea me la dometɔ ɖe sia ɖe wɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple nɔvia eye ame sia ame wɔ nu aduadu le Kristo ƒe tanyenye te la, hamea tsina, eye lɔlɔ̃, si nye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo,” si nana míedoa vivi ɖe ame ŋu la nɔa mía me.—Yoh. 10:16; Kol. 3:14; 1 Kor. 12:14-26.
11 Xexemenudzɔdzɔ siwo nye Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava ɖo kpe edzi ɖikekemanɔmee be wotsɔ Fiaɖuƒeŋusẽ na Yesu Kristo tso keke ƒe 1914 me ke. Ele dzi ɖum fifia le eƒe futɔwo titina. (Ps. 2:1-12; 110:1, 2) Nu kae esia fia na ame siwo le agbe le anyigba dzi fifia? Efia be eteƒe madidi o, Yesu aɖe ŋusẽ si le esi abe fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ ene la afia esime wòahe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava eƒe futɔwo dzi. (Nyaɖ. 11:15; 12:10; 19:16) Ekema, ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋugbe si Yehowa do esime amegbetɔwo dze aglã le gɔmedzedzea me la ava eme na ame siwo le Kristo ƒe nuɖusi me, siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo. (Mat. 25:34) Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be míenya ɖoƒe si le Kristo si le Mawu ƒe ɖoɖoa me helɔ̃ ɖe edzi! Mina míawɔ ɖeka awɔ subɔsubɔdɔ si wode mía si be míawɔ le xexea me katã le ŋkeke mamlɛ siawo me la ade goe le Kristo ƒe kpɔkplɔ te.