INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ypq biabia 7 axa 21-23
  • Nu Kae Mawɔ Ne Wotsɔ Gbɔdɔdɔ Le Fu Ðem Nam?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Mawɔ Ne Wotsɔ Gbɔdɔdɔ Le Fu Ðem Nam?
  • Nya 10 Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe wòle be míadɔ hafi alɔ̃ mía nɔewo wua?
    Nyɔ!—2010
  • Aleke Mawɔ Aɖe Nye Dzixɔse Ku Ðe Gbɔdɔdɔ Ŋu Me?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Ðe Gbɔdɔdɔ To Nu Me Nye Gbɔdɔdɔ Ŋutɔŋutɔa?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Ðo Dze Kple Viwòwo Le Gbɔdɔnyawo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Nya 10 Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖowo
ypq biabia 7 axa 21-23
Nyɔnuvi aɖe gbe ŋutsuvi aɖe ƒe lɔlɔ̃nya siwo dom wòle ɖe egbɔ moveviɖoɖotɔe

NYABIASE 7

Nu Kae Mawɔ Ne Wotsɔ Gbɔdɔdɔ Le Fu Ðem Nam?

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ale si nàtso nya me ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu la akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe dziwò le etsɔme.

NU KAE NÀWƆ?

Kpɔ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: Heather kple Mike nya wo nɔewo ɣleti eve koe nye esia, gake ewɔna na Heather abe ƒe gbogbo aɖewoe nye esia wònyae ene. Woŋlɔa nu na wo nɔewo le asitelefon dzi ɣesiaɣi, woɖoa dze le telefon dzi gaƒoƒo geɖewo, eye ne wole dze ɖom la, wo dometɔ ɖe sia ɖe tea ŋu wua nɔvia ƒe nyagbɔgblɔwo nu gɔ̃ hã! Gake dzeɖoɖo dzro megasu na Mike o.

Le ɣleti eve siwo va yi me la, Mike kple Heather léa asi na wo nɔewo eye wogbugbɔa nu na wo nɔewo vie ko. Heather ya medi be yewoagawɔ nu bubu aɖeke wu ema o. Gake medi hã be Mike nage le ye si o. Ame aɖeke mekafunɛ be edze tugbe hele etɔxɛe de Mike nu o. Egblɔ na eɖokui be ‘Nye kple Mike míelɔ̃ mía nɔewo, eye . . . ’

Ne ètsi adze zɔzɔ kple ame aɖe gɔme eye wò nɔnɔmea sɔ kple Heather tɔ la, nu kae nàwɔ?

TƆ NÀBU EŊU KPƆ!

Wotsɔ avɔ aɖe le nu tutum

Gbɔdɔdɔ nye nunana tso Mawu gbɔ na ame siwo ɖe srɔ̃ ɖeɖe ko. Matrewɔwɔ nye nunana ma dome gbegblẽ. Ðeko wòsɔ kple ale si nàtsɔ avɔ nyui aɖe si ame aɖe na wò la awɔ anyigbatutunui

Ne èdzo kpo le ati dzi be yeadzo le yame abe xevi ene la, àkpɔ emetsonua. Nenema ke koe wòle ne èda le agbe nyui nɔnɔ ƒe sewo hã dzi. Esiawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Miatsri gbɔdɔdɔ manɔsenu” alo matrewɔwɔ.—1 Tesalonikatɔwo 4:3.

Nu kae ado tso eme ne èda se ma dzi? Biblia gblɔ be: “Ame si ƒoa eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me la le nu vɔ̃ wɔm ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu.” (1 Korintotɔwo 6:18) Aleke nya sia nye nyateƒee?

Numekulawo kpɔe be nu siwo gbɔna la dometɔ ɖeka alo esiwo wu nenema dzɔna ɖe sɔhɛ siwo wɔa matre la dzi.

  • WOXAA NU. Sɔhɛ siwo wɔ matre la dometɔ akpa gãtɔ gblɔ emegbe be nu si yewowɔ la va ve yewo vevie.

  • WOMEGAKANA ÐE WO NƆEWO DZI O. Ne wodɔ wo nɔewo gbɔ vɔ la, ame eveawo dometɔ ɖe sia ɖe va nɔa eɖokui biam be: ‘Ame bubu ka gbɔe wògadɔ?’

  • MƆKPƆKPƆ BUNA ÐE WO. Nyɔnuvi geɖewo dia ame si akpɔ wo ta, ke menye ame si azã wo o. Ŋutsuvi geɖewo gblɔ be nyɔnuvi siwo ɖe asi le wo ɖokuiwo ŋu na yewo ƒe nu megadzɔa dzi na yewo ale o.

  • Nya vevitɔ: Ne mèkpɔ ɖe srɔ̃ haɖe o, gake nèdɔ kple ame aɖe, si fia be èwɔ matre la, ke èɖe ɖokuiwò dzi kpɔtɔ esi nètsɔ nu xɔasi aɖe si le asiwò la da kaɖigbegbe alo gblẽ edome. (Romatɔwo 1:24) Wò ŋutilã xɔ asi ŋutɔ eya ta mègatsɔe da kaɖigbegbe o.

Ðee fia be ŋutete le ye si be yeatsri “gbɔdɔdɔ manɔsenu.” (1 Tesalonikatɔwo 4:3) Ekema ne èva ɖe srɔ̃ emegbe la, àte ŋu akpɔ gome le gbɔdɔdɔ me faa. Àse vivi nɛ bliboe. Àvo tso dzimaɖitsitsi, nuxaxa kple dediemanɔmanɔ siwo tsoa matrewɔwɔ, si fia gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, me la si me.—Lododowo 7:22, 23; 1 Korintotɔwo 7:3.

NU KAE NÈSUSU?

  • Ðe ame si lɔ̃ wò ŋutɔŋutɔ ade wo ŋutilã kple seselelãme afɔku mea?

  • Ðe ame si tsɔa ɖe le eme na wò vevie la aƒoe ɖe nuwò be nàwɔ nu si agblẽ wò kple Mawu domea?—Hebritɔwo 13:4.

NA NYƆNUVIWO

Nyɔnuvi aɖe nɔ anyi le tame bum

Ŋutsuvi geɖewo gblɔ be yewomaɖe nyɔnuvi siwo gbɔ yewodɔ la gbeɖe o. Nu ka tae? Elabe wodi ame si nɔa agbe dzadzɛ!

Ðe esia wɔ nuku na wò alo na dzi ku wò gɔ̃ hã? Ke ɖo ŋku esia dzi: Wodoa vivi ɖe sɔhɛ siwo mekpɔ xɔ ƒe blaeve o ƒe gbɔdɔdɔ ŋu le filmwo kple televisiondziwɔnawo me eye wonana wòdzena abe modzakaɖenu si megblẽa naneke le ame ŋu o alo lɔlɔ̃ vavã gɔ̃ hã ene.

Gake mègana woaflu wò o! Ame siwo di be yewoable wò adɔ gbɔwò la nye ɖokuitɔdilawo.—1 Korintotɔwo 13:4, 5.

NA ŊUTSUVIWO

Ŋutsuvi aɖe nɔ anyi le tame bum

Ne èle gbeɖoɖoɖi me kple nyɔnuvi aɖe la, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe metsɔa ɖe le eme nɛ ŋutɔŋutɔa?’ Ne àɖo eŋu be ɛ̃ la, aleke nàɖe esia afia nyuie? Esia bia be ŋutete nanɔ asiwò nàwɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi, nunya nanɔ asiwò nàƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu ade mi afɔku me eye lɔlɔ̃ naʋã wò nàdi nyɔnuvi si nye wò velia ƒe nyonyo.

Ne nɔnɔme siawo le asiwò la, ke anɔ eme be wò velia ƒe seselelãme asɔ kple nyɔnuvi dzadzɛ si ŋkɔe nye Sulamit la tɔ. Sulamit gblɔ be: “Nye lɔlɔ̃tɔ la nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ.” (Hawo Ƒe Ha 2:16) Kpuie ko la, agalɔ̃ wò ɖe edzi!

AÐAŊUÐOÐO

Ne ame aɖe di be yeaƒoe ɖe nuwò adɔ gbɔwò hegblɔ be, “Ne èlɔ̃m la, àɖe mɔ míawɔe” la, tɔ afɔ to sesĩe nàgblɔ be, “Ne èlɔ̃m la, màbia nu sia tso asinye o!”

Ne ŋutsuvie nènye la, se si akplɔ wò le nuwɔwɔ kple nyɔnuviwo gome ye nye esi: Ne màdi be dziwòlawo nakpɔ wò nàwɔ nu sia o la, ke mele be nàwɔe kura o.

NU SIWO MAWƆ

  • Nya kae nàgblɔ ne ame aɖe ƒoe ɖe nuwò be yeadɔ gbɔwò?

  • Nɔnɔme kawoe ana wòasesẽ na wò wu be nàgbe?

  • Aleke nàwɔ aƒo asa na nɔnɔme mawo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe