INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 7 axa 24-axa 25 mm. 1
  • Babel Xɔ Kɔkɔ La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Babel Xɔ Kɔkɔ La
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amegbetɔwo Tu Mɔ́ Kɔkɔ Aɖe
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Ðe Gbe Siwo Míedona La Dzɔ Tso “Babel-mɔa” Tuɣia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Noa Ƒe Aɖakaʋu La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Womete Ŋu Na Woƒe Ŋkɔ Nyɔ O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 7 axa 24-axa 25 mm. 1
Esi Yehowa tɔtɔ gbe na Babel Xɔ Kɔkɔ tulawo megbe la, womegate ŋu yi xɔa tutu dzi o

NUSƆSRƆ̃ 7

Babel Xɔ Kɔkɔ La

Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Noa viŋutsuawo kple wo srɔ̃wo dzi vi geɖe. Woƒe ƒomewo va dzi ɖe edzi eye wokaka ɖe anyigba la ƒe teƒe vovovowo abe ale si Yehowa gblɔe na wo ene.

Gake ameawo dometɔ aɖewo meɖo to Yehowa o. Wogblɔ be: ‘Mina míatso du anɔ eme le afi sia. Eye míatu xɔ kɔkɔ aɖe si ƒe tame atɔ dziƒo, ale be míaxɔ ŋkɔ.’

Yehowa mekpɔ dzidzɔ ɖe nu si wɔm ame mawo nɔ la ŋu o, eya ta edi be yeana woadzudzɔ. Ènya nu si wòwɔa? Ena wodze gbegbɔgblɔ vovovowo dodo gɔme zi ɖeka. Esi womegale wo nɔewo ƒe gbegbɔgblɔwo gɔme sem o ta la, wodzudzɔ xɔa tutu. Wova yɔ du si tsom wonɔ la be Babel, si gɔmee nye “Tɔtɔ.” Ameawo ʋu tso afi ma yi anyigba ƒe teƒe vovovowo. Ke hã woyi edzi wɔ nu vɔ̃ɖiwo le teƒe siwo katã woyi. Ðe ame aɖewo li siwo galɔ̃ Yehowa kokokoa? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le ta si kplɔe ɖo me.

“Ame sia ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, ke ame si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.”—Luka 18:14

Nyabiasewo: Nu kae ame siwo nɔ Babel la wɔ? Aleke Yehowa na wodzudzɔ xɔa tutu?

1 Mose 11:1-9

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe