Womete Ŋu Na Woƒe Ŋkɔ Nyɔ O
BIBLIA meyɔ Babel-mɔ̃ nyɔŋu la tulawo ƒe ŋkɔ o. Nuŋlɔɖia gblɔ bena: “Eye wogblɔ bena: Mina míatso du, eye míatu mɔ̃ kɔkɔ aɖe, si tame natɔ dziƒo, ne míaƒe ŋkɔ nanyɔ, bena míagakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi o!”—Mose I, 11:4, míawoe te gbe ɖe edzi.
Amekawoe “wonye”? Anye ƒe 200 le Tsiɖɔɖɔa megbee nusia dzɔ. Noa si xɔ abe ƒe 800 ene ɣemaɣi nɔ eƒe dzidzimevi akpe nanewo dome. Gbe ɖekae wodona eye wo katã wonɔ nuto si me wo kple viawo va nɔ le Tsiɖɔɖɔa megbe la me. (Mose I, 11:1) Va ɖo ɣeaɖeɣi la, anyigbadzinɔla siawo siwo va dzi ɖe edzi ƒe akpa aɖe ʋu yi ɣedzeƒe gome eye “wokpɔ gbadzaƒe aɖe le Sinear-nyigba dzi.”—Mose I, 11:2.
Kpododonu Kura
Gbadzaƒe siae ameha la ɖoe le be yewoadze aglã ɖe Mawu ŋu. Alekee? Enyo, Yehowa Mawu ɖe eƒe tameɖoɖo fia esi wògblɔ na ame eve gbãtɔawo be, “midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi.” (Mose I, 1:28) Egagblɔ nya sia na Noa kple viawo le Tsiɖɔɖɔa megbe. Mawu gblɔ na wo be: “Ke miawo la midzi, ne miasɔ gbɔ, miʋã mia ɖokui le anyigba dzi, eye mikeke ta ɖe edzi!” (Mose I, 9:7) Dukɔa wɔ nusi tsi tre ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia ŋu esi wotso be ‘yewomagakaka ɖe anyigba katã dzi o.’
Amesiawo dze mɔ̃ hã tutu gɔme be yewoana yewoƒe “ŋkɔ nanyɔ.” Gake womete ŋu wɔ nusi wosusu o elabena womete ŋu wu mɔ̃a tutu nu o. Biblia ƒe nuŋlɔɖi fia be Yehowa tɔtɔ gbe na wo ale be womegate ŋu se wo nɔewo ƒe gbe o. Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la gblɔ be: “Eye Yehowa na bena, wokaka tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi, eye wodzudzɔ du la tsotso.”—Mose I, 11:7, 8.
Woƒe kpododonu kura sia dze le alesi mɔ̃a tulawo ƒe ŋkɔ ‘menyɔ’ alo ɖi hoo o me. Le nyateƒe me la, womenya woƒe ŋkɔwo o eye wotutu wo ɖa le amegbetɔ ƒe ŋutinya me. Ke Noa ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi Nimrod ya ɖe? Ðe menye eyae nɔ ŋgɔ le aglãdzedze ɖe Mawu ŋu sia me oa? Ðe eƒe ŋkɔ meɖi hoo oa?
Nimrod—Aglãdzela si Sẽ Dzime
Ðikekemanɔmee la, Nimrod ye nye aglãdzela mawo ƒe ŋgɔnɔla. Mose ƒe agbalẽ Gbãtɔ ta 10 yɔe be “adela kalẽtɔ si tsi tre ɖe Yehowa ŋu.” (Mose I, 10:9, NW) Ŋɔŋlɔawo gagblɔ be ‘ede asi gãɖuɖu me le anyigba dzi.’ (Mose I, 10:8) Nimrod nye aʋawɔla kple ŋutasẽla. Eɖo eɖokui fiae eye wòva zu amegbetɔ gbãtɔ si nye dziɖula le Tsiɖɔɖɔa megbe. Nimrod ganye dutsola hã. Biblia gblɔ le eŋu be eyae ɖo du siwo ŋu Babel kpe ɖo wole enyi la gɔme anyi.—Mose I, 10:10-12.
Eyata ɖikekemanɔmee la, Nimrod—tsitretsila ɖe Mawu ŋu, Babel-fia, kple dutsola—kpɔ gome le Babel-mɔ̃a tutu me. Ðe mena eƒe ŋkɔ nyɔ oa? Ɣedzeƒetɔwo ŋutinunyala E. F. C. Rosenmüller ŋlɔ tso ŋkɔ Nimrod ŋu be: “Wotsɔ ŋkɔa na Nimrod tso [ma·radhʹ], si le Hebrigbe me gɔmesese nu fia be ‘edze aglã,’ ‘etra’ la me.” Eye Rosenmüller ɖe nu me be “Zi geɖe la, Ɣedzeƒetɔwo lɔ̃a ŋkɔ si wotsɔ na woƒe ame ŋkutawo le woƒe ku megbe la yɔyɔ na wo, eye esiae wɔnɛ be ɣeaɖewoɣi la, ƒomedodo si wɔ nuku nɔa nusiwo ameawo wɔ kple woƒe ŋkɔ dome.”
Agbalẽnyala geɖe susui nenema be menye ŋkɔ Nimrod ye wotsɔ nɛ le edziɣi o. Ke boŋ wobui be enye ŋkɔ si wotsɔ nɛ emegbe si sɔ ɖe eƒe aglãdzedze si va dze la nu. Le kpɔɖeŋu me, C. F. Keil gblɔ be: “Ŋkɔ Nimrod la ŋutɔ, si tso [ma·radhʹ], ‘míadze aglã’ me, fia tsitretsitsi ɖe Mawu ŋu sesĩe ƒe nuwɔna aɖe. Eɖi eŋu ale gbegbe be eŋɔlimetɔwo koe atsɔe nɛ eye wòva zu eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ.” Le etenuŋɔŋlɔ me la, Keil yɔ nya tso nya si wògblɔ be ŋutinyaŋlɔla Jacob Perizonius ŋlɔ me be: “Mexɔe se be ŋutsu sia [Nimrod], nye adela sẽŋuta si etɔwo ƒo xlãe, be wòade aglãdzedze ame mamlɛawo me, nya si wògblɔna gagblɔna, si mevɔna le enu o ye nye ‘nimrod, nimrod,’ si fia be, ‘Mídze aglã! Mídze aglã!’ Eyata le ɣeyiɣi siwo kplɔe ɖo me la, ame bubuwo kple Mose kura gɔ̃ hã zã nya ma tsɔ yɔe wòva zu ŋkɔ si wotsɔ nɛ.”
Edze ƒã be Nimrod mete ŋu na eƒe ŋkɔ nyɔ o. Eme kɔ be womenya ŋkɔ ŋutɔŋutɔ si wotsɔ nɛ le edziɣi o. Wotutui ɖa le ŋutinya me, abe alesi wotutu amesiwo dze eyome tɔ ɖae ene. Megblẽ vi aɖeke hã ɖi wòatɔ eƒe ŋkɔ o. Le esi teƒe be wòaxɔ ŋkɔ nyui kple kafukafu la, ŋkɔ vɔ̃e wòxɔ. Ŋkɔ Nimrod tsi eŋu mavɔmavɔe be aglãdzela sẽdzime si tɔ gbe Yehowa Mawu movidzɔdzɔtɔe ye wònye.