INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 19 axa 50-axa 51 mm. 2
  • Fuwɔame Etɔ̃ Gbãtɔwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fuwɔame Etɔ̃ Gbãtɔwo
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mose Kple Aron Yi Farao Gbɔ
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Fuwɔame Ade Siwo Kplɔe Ðo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Mose Kple Aron—Mawu ƒe Nya ƒe Gbeƒãɖela Dzideƒotɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Mose Tiae Be Yeasubɔ Yehowa
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 19 axa 50-axa 51 mm. 2
Mose kple Aron tɔ ɖe Farao ŋkume

NUSƆSRƆ̃ 19

Fuwɔame Etɔ̃ Gbãtɔwo

Wozi Israel-viwo dzi wowɔ dɔ sesẽ abe kluviwo ene. Yehowa dɔ Mose kple Aron be woagblɔ na Farao be: ‘Ðe asi le nye amewo ŋu ne woayi ava subɔm le gbedzi.’ Farao ɖo eŋu dadatɔe be: ‘Nyemaɖo to Yehowa o, eye nyemaɖe asi le Israel-viwo ŋu woadzo o.’ Farao zi wo dzi be woagawɔ dɔ sesẽ ɖe edzi. Yehowa atu nu kple Farao. Ènya nu si wòwɔa? Ehe Fuwɔame Ewo va Egiptetɔwo dzi. Yehowa gblɔ na Mose be: ‘Farao medi be yeaɖo tom o. Etsɔ ŋdi Farao ayi Nil-tɔsisia to. Yi ɖagblɔ nɛ be esi nègbe be yemaɖe asi le nye amewo ŋu woadzo o ta la, Nil-tɔsisia katã atrɔ azu ʋu.’ Mose ɖo to eye wòyi Farao gbɔ. Farao nɔ Aron kpɔm esi wòtsɔ eƒe atikplɔ ƒo Nil-tɔsisia dzi eye wòtrɔ zu ʋu. Tɔsisia nɔ ʋeʋẽm kũu, tɔmelãwo ku, eye womekpɔ tsi nyui aɖeke le Nil-tɔsisia me ano o. Ke hã Farao gbe be yemaɖe asi le Israel-viwo ŋu woadzo o.

Le ŋkeke adre megbe la, Yehowa gadɔ Mose ɖe Farao gbɔ be wòagblɔ nɛ be: ‘Ne mèɖe asi le nye amewo ŋu wodzo o la, mana akpɔkplɔwo nayɔ Egipte fũu.’ Aron do eƒe atikplɔ ɖe dzi, eye akpɔkplɔwo va xɔ anyigba la dzi. Akpɔkplɔawo ge ɖe amewo ƒe aƒewo me, woƒe abawo dzi kple woƒe nuɖugbawo me. Akpɔkplɔawo xɔ afi sia afi! Farao gblɔ na Mose be wòaɖe kuku na Yehowa ne wòaɖe fuwɔame sia ɖa. Farao do ŋugbe be yeaɖe asi le Israel-viwo ŋu woadzo. Eya ta Yehowa na fuwɔame la tɔ te, eye Egiptetɔwo ƒo akpɔkplɔ kukuawo nu ƒu gleglegle. Anyigba la dzi te ʋeʋẽ kũu. Gake Farao gagbe kokoko be yemaɖe asi le Israel-viwo ŋu woadzo o.

Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be: ‘Aron netsɔ eƒe atikplɔ ƒo anyigba eye kea atrɔ azu muwo alo nudzodzoevi siwo ɖua ame.’ Eteƒe medidi o muawo xɔ afi sia afi. Farao ŋutɔ ƒe ame aɖewo gblɔ nɛ be: ‘Fuwɔame sia tso Mawu gbɔ.’ Gake Farao medi be yeaɖe asi le Israel-viwo ŋu woadzo o.

Fuwɔame ewoawo ƒe etɔ̃ siwo va Egipte: Nil-tɔsisia trɔ zu ʋu, akpɔkplɔwo kple muwo

“Mana woadze si nye ŋusẽ kple nye ŋutete, eye woadze sii be ŋkɔnyee nye Yehowa.”—Yeremiya 16:21

Nyabiasewo: Nu kawoe nye fuwɔame etɔ̃ gbãtɔwo? Nu ka tae Yehowa he fuwɔame siawo vɛ?

2 Mose 5:1-18; 7:8–8:19; Nehemiya 9:9, 10

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe