INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 20 axa 52-axa 53 mm. 3
  • Fuwɔame Ade Siwo Kplɔe Ðo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fuwɔame Ade Siwo Kplɔe Ðo
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fuwɔame Etɔ̃ Gbãtɔwo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Mose Kple Aron Yi Farao Gbɔ
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • ‘Yehowa Gbɔ Ðeɖe Tso Va Nam’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Mose Kple Aron—Mawu ƒe Nya ƒe Gbeƒãɖela Dzideƒotɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 20 axa 52-axa 53 mm. 3
Ʋetsuvi gbogbo aɖewo

NUSƆSRƆ̃ 20

Fuwɔame Ade Siwo Kplɔe Ðo

Mose kple Aron yi ɖagblɔ Mawu ƒe nya na Farao be: ‘Ne mèɖe asi le nye amewo ŋu wodzo o la, madɔ togbatowo ɖe anyigba la dzi.’ Togbato gbogbo aɖewo va xɔ Egiptetɔwo, gatɔwo kple hiãtɔwo siaa ƒe aƒewo me. Togbatoawo xɔ anyigba bliboa katã dzi. Gake togbatoawo meva Gosen-nyigba si dzi Israel-viwo nɔ la o. Tso fuwɔame enelia sia dzi la, Egiptetɔwo ɖeɖe ko dzie fuwɔameawo va. Farao gblɔ na Mose be: ‘Ðe kuku na Yehowa be wòana togbatoawo nadzo. Israel-viwo ate ŋu adzo azɔ.’ Gake esi Yehowa na togbatoawo dzo la, Farao trɔ susu. Ðe Farao srɔ̃ nu tso nu siwo dzɔ ɖe edzi mea?

Yehowa gblɔ be: ‘Ne Farao meɖe asi le nye amewo ŋu wodzo o la, Egiptetɔwo ƒe lãwo adze dɔ aku.’ Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, lãwo de asi kuku me. Gake Israel-viwo ƒe lãwo ya meku o. Ke Farao gasẽ dzi me kokoko, eye meɖe asi le Israel-viwo ŋu o.

Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be wòatrɔ ayi Farao gbɔ eye wòahlẽ dzofi ɖe yame. Dzofi la zu ʋuʋudedi xɔ yame katã eye wòhlẽ ɖe Egiptetɔwo ŋu. Ʋuʋudedi la na Egiptetɔwo kple woƒe lãwo siaa dze abi. Esia hã mena Farao ɖe asi le Israel-viwo ŋu wodzo o.

Fuwɔame 4 va se ɖe 6 lia si va Egiptetɔwo dzi: togbatowo, lãwo ku, ƒoƒoewo

Yehowa gadɔ Mose ɖe Farao gbɔ be wòagblɔ nɛ be: ‘Ègbe kokoko be yemaɖe asi le nye amewo ŋu woadzo oa? Etsɔ la, kpetsi adza ɖe anyigba la dzi.’ Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Yehowa na kpetsi dza, dzi ɖe gbe eye dzo dza ɖe anyigba la dzi. Esiawo tɔgbi aɖeke medzɔ le Egipte-nyigba dzi kpɔ o. Atiwo kple nukuwo katã dome gblẽ gake esiwo nɔ Gosen-nyigba dzi la dome megblẽ o. Farao gblɔ na Mose be: ‘Ðe kuku na Yehowa ne wòana nu siawo natɔ! Ekema miate ŋu adzo.’ Gake esi kpetsia kple tsidzadzaa tɔ ko la, Farao trɔ susu.

Emegbe Mose gblɔ be: ‘Azɔ ʋetsuviwo aɖu nu miemie siwo kpetsi la megblẽ o.’ Ʋetsuvi akpeakpewo ɖu nu siwo susɔ ɖe agblewo me kple atiwo dzi. Farao gblɔ be: ‘Ðe kuku na Yehowa be wòana ʋetsuviawo nadzo.’ Gake esi Yehowa na ʋetsuviawo dzo la, Farao gasẽ dzi me kokoko.

Yehowa gblɔ na Mose be: ‘Do wò asi ɖe dzi.’ Enumake yame do viviti. Egiptetɔwo mekpɔ naneke alo ame aɖeke o hena ŋkeke etɔ̃. Israel-viwo ƒe aƒewo me koe kekeli nɔ.

Fuwɔame 7 va se ɖe 9 lia si va Egiptetɔwo dzi: kpetsi, ʋetsuviwo, viviti

Farao gblɔ na Mose be: ‘Wò kple wò amewo miate ŋu adzo azɔ. Gake migblẽ miaƒe lãwo ya ɖi.’ Mose ɖo eŋu be: ‘Ele be míakplɔ míaƒe lãwo hã ayii ale be míate ŋu atsɔ wo asa vɔ na míaƒe Mawu.’ Farao do dziku vevie. Edo ɣli be: ‘Dzo le gbɔnye! Ne megakpɔ wò la, mawu wò.’

“Miagakpɔ vovototo si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovototo si le ame si subɔa Mawu kple ame si mesubɔnɛ o la dome.”—Malaki 3:18

Nyabiasewo: Fuwɔame kawoe Yehowa gahe vɛ? Aleke woto vovo tso fuwɔame etɔ̃ gbãtɔawo gbɔe?

2 Mose 8:20–10:29

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe