INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 21 axa 54-axa 55 mm. 2
  • Fuwɔame Ewolia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fuwɔame Ewolia
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mose Kple Aron Yi Farao Gbɔ
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Fuwɔame Etɔ̃ Gbãtɔwo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Fia Vɔ̃ɖi Aɖe Ðu Egipte Dzi
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Mose Tiae Be Yeasubɔ Yehowa
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 21 axa 54-axa 55 mm. 2
Israel-ŋutsu aɖe le ʋu sisim ɖe eƒe ʋɔtruti ŋu

NUSƆSRƆ̃ 21

Fuwɔame Ewolia

Mose gblɔ na Farao be yemagava egbɔ azɔ o. Gake hafi wòadzo la egblɔ na Farao be: ‘Le zã titina la, ŋgɔgbevi siwo katã le Egipte, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi dzi va se ɖe kluviwo ƒe ŋgɔgbeviwo dzi la aku.’

Yehowa gblɔ na Israel-viwo be woaɖu nuɖuɖu tɔxɛ aɖe. Egblɔ na wo be: ‘Miwu alẽ alo gbɔ̃ si xɔ ƒe ɖeka eye miatsɔ ʋua ƒe ɖe asisi ɖe miaƒe ʋɔtrutiwo ŋu. Mimè lã la, eye miatsɔ amɔwɔ maʋamaʋã bolo aɖui. Midzra ɖo, miado miaƒe afɔkpawo hena dzodzo. Mana ablɔɖe mi le zã sia me.’ Bu ale si gbegbe dzi adzɔ Israel-viwoe ŋu kpɔ!

Le zã titina la, Yehowa ƒe dɔla yi Egiptetɔ ɖe sia ɖe ƒe aƒe me. Ŋgɔgbevi siwo katã le aƒe siwo me womesisi ʋu ɖe ʋɔtrutiawo ŋu le o la ku. Gake mawudɔlaa to aƒe siwo katã ƒe ʋɔtrutiwo ŋu wosisi ʋu ɖo la ŋu. Egiptetɔwo ƒe ƒome ɖe sia ɖe, gatɔwo kple ame dahewo siaa ƒe ŋgɔgbeviwo ku. Gake Israel-vi aɖeke ƒe vi meku o.

Farao ŋutɔ gɔ̃ hã ƒe vi ku. Eva glo Farao azɔ. Enumake egblɔ na Mose kple Aron be: ‘Miwɔ kaba, miaʋu adzo. Miyi ɖasubɔ miaƒe Mawu la. Mikplɔ miaƒe lãwo miadzo!’

Dzinu sɔ tegblee esime Israel-viwo ʋu dzo le Egipte le woƒe ƒomewo kple woƒe towo nu. Israel ŋutsu siwo dzo la nɔ 600,000 hekpe ɖe nyɔnu kple ɖevi gbogbo aɖewo ŋu. Azɔ hã ame bubu geɖe yi kpli wo be yewo hã yewoate ŋu asubɔ Yehowa. Woɖe asi le Israel-viwo ŋu azɔ!

Ele be woaɖu nuɖuɖu tɔxɛ ma ƒe sia ƒe atsɔ aɖo ŋku ale si Yehowa ɖe woe la dzi. Woyɔnɛ be Ŋutitoto la.

Israel-viwo ʋu dzo yina le Egipte

“Susu sia tae meɖe mɔ nèkpɔtɔ li ɖo: be maɖe nye ŋusẽ afia le ŋuwò, ale be woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigba blibo la dzi.”—Romatɔwo 9:17

Nyabiasewo: Fuwɔame kae nye ewolia? Nu kae wòle be Israel-viwo nawɔ be wòakpɔ wo ta tso fuwɔame ma si me?

2 Mose 11:1–12:42; 13:3-10

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe