INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 55 axa 132
  • Yehowa Ƒe Dɔla Aɖe Kpɔ Hizkiya Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Ƒe Dɔla Aɖe Kpɔ Hizkiya Ta
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Woɖo Fia aɖe ƒe Xɔse Teƒe Nɛ
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Mawu Kpe Ðe Fia Hizkiya Ŋu
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Lãkplɔvi Adre Kple Amegã Enyi—Nu Kae Wòfia Egbea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Xexe Sia Mate Ŋu Axɔ Na Mí O
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 55 axa 132
Mawudɔla aɖe va tsrɔ̃ Asiriatɔwo ƒe aʋawɔlawo

NUSƆSRƆ̃ 55

Yehowa Ƒe Dɔla Aɖe Kpɔ Hizkiya Ta

Asiria Fiaɖuƒea xɔ Israel-to ewo fiaɖuƒea. Fifia Asiria-fia Senakerib di be yeaxɔ Yuda-to eve fiaɖuƒea hã. Edze Yuda duawo xɔxɔ gɔme ɖekaɖeka. Gake du si wòdi vevie be yeaxɔe nye Yerusalem. Ke hã, Senakerib menya be Yehowa le Yerusalem dua ta kpɔm o.

Yuda-fia Hizkiya xe ga gbogbo aɖe na Senakerib be wòaɖe asi le Yerusalem ŋu. Togbɔ be Senakerib xɔ gaa hã la, edɔ eƒe aʋawɔla sesẽwo ɖa be woaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu. Ame siwo nɔ Yerusalem dua me la nɔ vɔvɔ̃m ale gbegbe elabe Asiriatɔwo nɔ dua gogom. Eya ta Hizkiya gblɔ na wo be: ‘Migavɔ̃ o. Asiria-ʋakɔa sesẽ gake Yehowa ana míasesẽ wu wo.’

Senakerib dɔ eƒe dɔla si nye Rabsake ɖe Yerusalem be wòaɖe alɔme le wo ŋu. Rabsakea, va tɔ ɖe dua godo eye wòdo ɣli be: ‘Yehowa mate ŋu axɔ na mi o. Migana Hizkiya nable mi o. Mawu aɖeke meli si ate ŋu aɖe mi tso mía si me o.’

Hizkiya do gbe ɖa bia nu si wòawɔ la Yehowa. Yehowa ɖo eŋu be: ‘Mègavɔ̃ nya si gblɔm Rabsakea le o. Senakerib maxɔ Yerusalem o.’ Emegbe Senakerib ɖo lɛta aɖewo ɖe Hizkiya. Lɛtaa me nyawo gblɔ be: ‘Wò ya na ta ko. Yehowa mate ŋu axɔ na wò o.’ Hizkiya gado gbe ɖa be: ‘Yehowa meɖe kuku, xɔ na mí, ale be ame sia ame nakpɔe be wò ɖeɖe koe nye Mawu vavã la.’ Yehowa ɖo eŋu nɛ be: ‘Asiria-fia maɖo afɔ Yerusalem o. Makpɔ nye dua ta.’

Senakerib ka ɖe edzi be yeaxɔ Yerusalem kpuie. Gake le zã aɖe me la, Yehowa dɔ eƒe dɔla aɖe ɖe afi si Asiria-ʋawɔlawo ƒo ƒu ɖo le dua godo. Mawudɔla la wu asrafo 185,000 sɔŋ! Fia Senakerib ƒe aʋawɔla sesẽwo katã ku. Naneke meli wòawɔ tsɔ wu be wòatrɔ ayi aƒe kple ŋukpe o. Yehowa kpɔ Hizkiya kple Yerusalem ta abe ale si wòdo ŋugbee ene. Ne ɖe nènɔ Yerusalem ɣemaɣi la, àɖo ŋu ɖe Yehowa ŋua?

“Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu godoo va kpe, eye wòɖea wo.”—Psalmo 34:7

Nyabiasewo: Aleke Yehowa kpɔ Yerusalem tae? Èsusu be Yehowa ate ŋu akpɔ wò hã tawòa?

2 Fiawo 17:1-6; 18:13-37; 19:1-37; 2 Kronika 32:1-23

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe