INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 11/15 axa 16-20
  • Lãkplɔvi Adre Kple Amegã Enyi—Nu Kae Wòfia Egbea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lãkplɔvi Adre Kple Amegã Enyi—Nu Kae Wòfia Egbea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • LÃKPLƆVI YEYE WƆ NU SI TO VOVO
  • FIA LA ÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU
  • XIZKIYA ÐE AFƆ VEVI AÐEWO
  • NUFIAME SIWO LE EME NA MÍ EGBEA
  • Woɖo Fia aɖe ƒe Xɔse Teƒe Nɛ
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Mawu Kpe Ðe Fia Hizkiya Ŋu
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Ede Bubu Mía Ŋu Esi Wòna Ablɔɖe Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Xexe Sia Mate Ŋu Axɔ Na Mí O
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 11/15 axa 16-20

Lãkplɔvi Adre Kple Amegã Enyi—Nu Kae Wòfia Egbea?

“Míadɔ lãkplɔvi adre kple amegã enyi ɖe eŋu.”—MIXA 5:4.

ÀTE ŊU AÐO WO ŊUA?

  • Aleke Xizkiya, Yesaya, Mixa kple Yerusalem-megãwo ɖee fia be yewonye lãkplɔvi nyuiwo le blema?

  • Ame kawoe lãkplɔvi adre kple amegã enyiawo tsi tre ɖi na egbea? Aleke wokpena ɖe Mawu ƒe amewo ŋu?

  • Nu kae nye nu vevitɔ si nàte ŋu awɔ fifia atsɔ adzra ɖo ɖe Mawu ƒe amewo dzi dzedze si gbɔna ŋu?

1. Nu ka tae aʋa si Siria kple Israel ho ɖe Yuda ŋu la mate ŋu adze edzi o?

ƔEAÐEƔI le ƒe 762 D.M.Ŋ. kple ƒe 759 D.M.Ŋ. dome la, Israel-fia kple Siria (alo Aram) fia ho aʋa ɖe Yuda-fiaɖuƒea ŋu. Le susu ka ta? Be woadze Yerusalem dzi, aɖe Fia Axaz le zi dzi ahatsɔ ame bubu, ɖewohĩ ame si metso Fia David ƒe ƒomea me o la, aɖo eteƒe. (Yes. 7:5, 6) Ðe wòle be Israel-fia la nanya be afɔɖeɖe ma madze edzi o hafi. Nu si tae nye be, Yehowa gblɔe ɖi be David ƒe dzidzimevi anɔ Yeƒe fiazikpuia dzi tegbee, eye Mawu ƒe nya medoa kpo emevava o.—Yos. 23:14; 2 Sam. 7:16.

2-4. Gblɔ ale si Yesaya 7:14, 16 va eme (a) le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me (b) le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me.

2 Gbã la, edze abe ɖe Siria kple Israel ʋakɔawo ƒe alɔ de dzi ene. Le woƒe aʋakpekpe ɖeka ko me la, Axaz ƒe kalẽtɔ 120,000 sɔŋ tsi aʋa! Wowu “fiavi Maaseya” gɔ̃ hã. (2 Kron. 28:6, 7) Gake Yehowa nɔ nu sia nu teƒe kpɔm. Eɖo ŋku ŋugbe si wòdo na David dzi, eya ta edɔ nyagblɔɖila Yesaya be wòatsɔ gbedeasi dedziƒoname aɖe ayi nɛ.

3 Yesaya gblɔ be: “Kpɔ ɖa, ɖetugbui afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be ‘Mawu li kpli mí.’ . . . Hafi ɖevi la nava nya vɔ̃tsitsri kple nyuitiatia la, [Siria kple Israel] anyigba, si ƒe fiawo kple eve le ŋɔ dzim na wò la, lazu gbegbe!” (Yes. 7:14, 16) Enye nyateƒe be nyagblɔɖia ƒe akpa gbãtɔ ku ɖe Mesia la ƒe dzidzi ŋu. (Mat. 1:23) Gake esi ‘fia eveawo,’ siwo nye Siria kple Israel fiawo, meganye ŋɔdzi na Yuda le ɣeyiɣi si me wodzi Yesu o ta la, anɔ eme be nyagblɔɖi si ku ɖe Imanuel, alo “Mawu li kpli mí,” ŋu va eme zi gbãtɔ le Yesaya ƒe ŋkekea me.

4 Esi Yesaya gblɔ gbedeasi ɖedzesi ma megbe teti ko la, srɔ̃a fɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi hetsɔ ŋkɔ nɛ be Maher-Salal-Has-Baz, alo “Aboyonu, afɔ netsɔ, nuhaha, va kaba!” Anɔ eme be ɖevi siae nye “Mawu li kpli mí” si ŋu Yesaya ƒo nu tsoe.a Le Biblia ŋlɔɣi la, wotea ŋu tsɔa ŋkɔ tɔxɛ aɖe na ɖevi le edziɣi, ɖewohĩ be woatsɔ aɖo ŋku nudzɔdzɔ tɔxɛ aɖe dzi, gake ɖevia dzilawo kple eƒe ƒometɔwo anɔ ŋkɔ bubu yɔm nɛ. (2 Sam. 12:24, 25) Nuŋlɔɖi aɖeke meli be amewo nɔ Yesu yɔm be Imanuel, alo “Mawu li kpli mí” o.—Mixlẽ Yesaya 7:14; 8:3, 4.

5. Bometsinu kae Fia Axaz wɔ?

5 Esime Israel kple Siria tɔ ŋku Yuda la, dukɔ bubu aɖe hã nɔ afɔɖeɖe wɔm ɖe nuto ma dzi ɖuɖu ŋu. Asiria (alo Asur) si yi edzi nɔ ŋusẽ kpɔm le xexea me ɣemaɣi lae. Le Yesaya 8:3, 4 ƒe nya nu la, Asiria alɔ “Damasko ƒe kesinɔnuwo kple Samaria ƒe aboyonuwo” adzoe hafi woava dze Yuda ƒe anyiehefiaɖuƒea dzi. Le esi Yuda-fia naka ɖe nya si Mawu gblɔ to Yesaya dzi la dzi teƒe la, Fia Axaz xɔsemanɔsitɔ la yi ɖabla nu kple Asiria bometsitsitɔe boŋ, si wɔe be Asiriatɔwo va te Yuda ɖe anyi mlɔeba. (2 Fia. 16:7-10) Aleke gbegbe Axaz si nye Yuda ƒe kplɔla, alo lãkplɔvi, do kpo nue nye esi! Ele be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Ne nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔm la, Mawu ŋue meɖoa ŋu ɖo loo alo amegbetɔwoa?’—Lod. 3:5, 6.

LÃKPLƆVI YEYE WƆ NU SI TO VOVO

6. Aleke Xizkiya ƒe dziɖuɖu to vovo na Axaz tɔ?

6 Axaz ku le ƒe 746 D.M.Ŋ. me, eye via Xizkiya xɔ ɖe eteƒe. Ɣemaɣi la, Yuda-dukɔa da ahe eye wodzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Nu kae anye fia ɖekakpui sia ƒe taɖodzinu vevitɔ esi woɖoe zi dzi? Be wòadze agbagba ana Yuda ƒe ganyawo naka ɖe emea? Kura o. Xizkiya tsi dzi ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu, eye wònye lãkplɔvi si dze akplɔ dukɔa. Nu gbãtɔ si wòwɔe nye be, egbugbɔ ɖo tadedeagu dzadzɛtɔ anyi, eye wòdzra dukɔ la kple Yehowa dome ɖo. Esi Xizkiya va nya nu si Mawu di tso esi la, ewɔ ɖe edzi enumake. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi wònye na mí!—2 Kron. 29:1-19.

7. Nu ka tae wònɔ vevie be fia yeye la naka ɖe edzi na Lewi viwo be yele megbe na wo?

7 Akpa vevi aɖe li Lewi viwo awɔ le tadedeagu dzadzɛa gbugbɔɖoanyi me. Eya ta Xizkiya kpe kpli wo eye wòka ɖe edzi na wo be yele megbe na wo. Kpɔ Lewi vi wɔnuteƒe siwo va kpekpe ma ɖa le susu me; wofa dzidzɔvi esi wosee woƒe fia la gblɔ na wo be: “Miawoe Yehowa tia, be mianɔ tsitre ɖe eŋkume, miawɔ eƒe dɔwo.” (2 Kron. 29:11) Ɛ̃, wode se na Lewi viwo eme kɔ nyuie be woaxɔ ŋgɔ le tadedeagu dzadzɛa dodo ɖe ŋgɔ me!

8. Afɔ kawoe Xizkiya ɖe be woadzra dukɔ la kple Mawu dome ɖo, eye nu kae do tso eme?

8 Xizkiya kpe Yuda kple Israel bliboa be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui gã aɖe, eye eyome woaɖu Abolo Maʋamaʋã Ƒe Ŋkekenyui si axɔ ŋkeke adre. Dukɔ la kpɔ dzidzɔ ɖe azã la ŋu ale gbegbe be wogaɖui ŋkeke adre bubu kpee. Biblia ka nya ta be: “Dzidzɔ gã aɖe nɔ Yerusalem, elabena tso Israel-fia Salomo, Dawid vi la ŋɔli la esia tɔgbe medzɔ le Yerusalem kpɔ o.” (2 Kron. 30:25, 26) Ɛ̃, ŋkekenyui ma anya de dzi ƒo na dukɔ bliboa ŋutɔ! Míexlẽ le 2 Kronika 31:1 be: “Esi wowu nu siawo katã nu vɔ la, . . . wogbã aƒeliwo, womu Aserawo, eye wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo.” Aleae Yuda gatrɔ ɖe Yehowa ŋu ake. Wo kple Mawu dome dzadzraɖo sia akpe ɖe wo ŋu vevie le nu siwo nɔ ŋgɔ na wo me.

FIA LA ÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU

9. (a) Aleke wogblẽ Israel ƒe nugbeɖoɖoa mee? (b) Le gɔmedzedzea la, dzidzedze kae Sanxerib kpɔ le Yuda?

9 Abe ale si Yesaya gblɔe ɖi ene la, Asiriatɔwo ɖu Israel ƒe dziehefiaɖuƒea dzi eye wokplɔ ameawo yi aboyo me. Ale nugbe si ɖom Israel nɔ be yewoaɖo fia yeye si metso David ƒe fiaƒomea me o zi dzi le Yuda la me gblẽ. Ke nu kae Asiriatɔwo gaɖo azɔ? Wotrɔ ɖe Yuda ŋu azɔ be yewoaxɔe. “Le Xizkiya ƒe ƒe wuienelia me la Asur-fia Sanxerib ho ɖe Yuda-du sesẽwo katã ŋu, eye wòxɔ wo.” Sanxerib kpɔ dzidzedze le Yuda-du 46 dzi ɖuɖu me. Aleke nàse le ɖokuiwò me ne ɖe nènɔ Yerusalem ɣemaɣi? Asiria-ʋakɔwoe nye ema le Yuda-duwo dzi ɖum ɖekaɖeka gbɔna!—2 Fia. 18:13.

10. Nu ka tae Mixa 5:4, 5 anya de dzi ƒo na Xizkiya?

10 Xizkiya nya xaxa si gbɔna, gake meyi ɖadi kpekpeɖeŋu tso trɔ̃subɔdukɔwo gbɔ abe ale si fofoa xɔsegbela Axaz wɔe ene o; ke boŋ Xizkiya ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. (2 Kron. 28:20, 21) Anɔ eme be enya nya siwo nyagblɔɖila Mixa si nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la gblɔ ku ɖe Asiria ŋu be: “Ne Asur va míaƒe anyigba dzi, . . . míadɔ lãkplɔvi adre kple amegã enyi ɖe eŋu. Woatsɔ yi agblẽ Asur ƒe anyigba la.” (Mixa 5:4, 5) Kakaɖedzitɔe la, nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la anya de dzi ƒo na Xizkiya ŋutɔ, elabena woɖee fia be woaɖo aʋakɔ wɔmoya aɖe ɖe Asiriatɔwo ŋu, siwo aɖu futɔ vɔ̃ɖi siawo dzi.

11. Ɣekaɣie nyagblɔɖi si ku ɖe lãkplɔvi adre kple amegã enyi ŋu ava eme le mɔ si lolo wu nu?

11 Nyagblɔɖi si ku ɖe lãkplɔvi adre kple amegã enyi ŋu la ava eme le mɔ si lolo wu nu ɣeyiɣi didi aɖe le Yesu, “Israel ƒe dziɖula . . . ame si dzɔɣi tso tititi le gbaɖegbe ʋĩ ke” la dzidzi megbe. (Mixlẽ Mixa 4:14; 5:1.) Anye ɣeyiɣi si Yehowa subɔlawo ƒe agbe aɖo afɔku me le egbegbe ‘Asiriatɔ la’ ƒe asi me. Aʋakɔ kawoe Yehowa ato Via si le dzi ɖum fifia dzi azã be woakpe kple futɔ dziŋɔ sia? Míava kpɔe. Gake gbã la, mina míadzro nu si míate ŋu asrɔ̃ tso afɔ si Xizkiya ɖe esime Asiriatɔwo ho ɖe eŋu me la me.

XIZKIYA ÐE AFƆ VEVI AÐEWO

12. Afɔ vevi kawoe Xizkiya kple eŋumewo ɖe be woatsɔ akpɔ Mawu ƒe amewo ta?

12 Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeawɔ nu si míate ŋu awɔ le mía ɖokui si o la na mí, gake ekpɔa mɔ be míawɔ nu siwo míate ŋui. Xizkiya “[de] adaŋu kple eƒe amegãwo kpakple eƒe kalẽtɔwo,” eye wo katã wotso nya me be, “woaxe tsivudo, siwo le dua godo . . . [Xizkiya dzra ɖo], eye wòɖɔ gli la ƒe gbagbãƒewo katã ɖo, etu xɔ tsralawo ɖe wo dzi, eye wòɖo gli bubuwo ɖe egodo, . . . eye wòwɔ aʋawɔnuwo kple akpoxɔnuwo kpaŋkpaŋ.” (2 Kron. 32:3-5) Be Yehowa nakpɔ eƒe amewo ta ahakplɔ wo ɣemaɣi la, ezã ŋutsu kalẽtɔwo abe Xizkiya kple eƒe amegãwo kpakple nyagblɔɖila wɔnuteƒewo ene.

13. Afɔ vevitɔ kae Xizkiya ɖe tsɔ dzra dukɔ la ɖo ɖe Asiriatɔwo ƒe amedzidzedzea ŋu? Aleke eƒe nyawo kpe ɖe dukɔ la ŋui?

13 Nu si Xizkiya wɔ kplɔ esia ɖo la gale vevie kura wu tsivudowo xexe kple dua ƒe gliwo ɖoɖo. Esi Xizkiya nye lãkplɔvi si léa be na eƒe alẽwo ta la, eƒo dukɔ la nu ƒu eye wòde dzi ƒo na wo be: “Migavɔ̃ o; Asur-fia . . . megadzi ŋɔ na mi o, elabena ame si le mía dzi la, ƒo ame si le edzi la ta. Eya la amegbetɔ ƒe alɔe li kplii, ke míawo la Yehowa, mía Mawu lae, li kpli mí, ne wòakpe ɖe mía ŋu, eye wòawɔ míaƒe aʋawo.” Ŋkuɖodzinya dedziƒoname ka gbegbee nye esi be, Yehowa awɔ aʋa na eƒe amewo! “Tete dukɔ la ɖo ŋu ɖe Yuda-fia Xizkiya ƒe nyawo ŋu.” De dzesii be “Xizkiya ƒe nyawo” ye na dzi ɖo dukɔ la ƒo. Xizkiya, eƒe amegãwo kple eƒe kalẽtɔwo kpakple Mixa kple Yesaya ɖee fia be yewonye lãkplɔvi nyuiwo abe ale si Yehowa do ŋugbe to eƒe nyagblɔɖilaa dzi ene.—2 Kron. 32:7, 8; mixlẽ Mixa 5:4, 5.

Xizkiya ƒe nyawo na dzi ɖo dukɔ la ƒo (Kpɔ memama 12, 13)

14. Nya kae Rabsake gblɔ, eye aleke dukɔ la wɔ nui?

14 Asiria-fia ho va ƒu asaɖa anyi ɖe Laxis, le Yerusalem ƒe anyieheɣetoɖoƒe gome. Edɔ ame etɔ̃ tso afi ma ɖo ɖe Yerusalemtɔwo be woana ta. Eƒe tsiami si ƒe dzesideŋkɔe nye Rabsake la zã ayemɔ vovovowo. Edo Hebrigbe gblɔ ɖe dukɔ la ƒe to me be woatrɔ le woƒe fia yome ana ta Asiriatɔwo, eye wòble wo nu be yewoakplɔ wo ayi anyigba si dzi agbe adze edzi na wo le la dzi. (Mixlẽ 2 Fiawo 18:31, 32.) Rabsake ƒo adegbe be ale si ko dukɔwo ƒe mawuwo mete ŋu ɖe wo tso yewo Asiriatɔwo si me o la, nenema ke Yehowa hã mate ŋu aɖe Yudatɔwo tso yewo si me o. Dukɔ la meɖo eƒe ameflunya mawo dometɔ aɖeke ŋu nɛ kura o, eye nunya le esia me. Nenema ke Yehowa subɔla siwo li egbea hã wɔna.—Mixlẽ 2 Fiawo 18:35, 36.

15. Nu kae wobia tso Yerusalem nɔlawo si, eye aleke Yehowa xɔ na woe?

15 Nudzɔdzɔ mawo anya do dziku na Xizkiya, gake le esi wòabia kpekpeɖeŋu tso dukɔ bubuwo gbɔ teƒe la, edɔ be woayɔ nyagblɔɖila Yesaya vɛ. Yesaya gblɔ na Xizkiya be: “[Sanxerib] mava du sia me o, eye mada aŋutrɔ ɖe eme o.” (2 Fia. 19:32) Nu si ko wobia tso Yerusalem nɔlawo sie nye be, woanɔ te sesĩe maʋamaʋãe. Yehowa awɔ aʋa na Yuda. Ewɔe hã vavã! “Eye wòva me le zã ma me be, Yehowa ƒe dɔla do ɖawu ame akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃ le Asurtɔwo ƒe asaɖa me.” (2 Fia. 19:35) Menye vudo siwo Xizkiya na woxe alo dua ƒe gli siwo wogbugbɔ ɖo gbɔe Yuda ƒe xɔxɔ tso o, ke boŋ Yehowa gbɔe wòtso.

NUFIAME SIWO LE EME NA MÍ EGBEA

16. Ame kawoe ame siawo tsi tre ɖi na egbea? (a) Yerusalem nɔlawo. (b) ‘Asiriatɔ la.’ (d) Lãkplɔvi adre kple amegã enyi.

16 Nyagblɔɖi si ku ɖe lãkplɔvi adre kple amegã enyi ŋu la ava eme le mɔ si lolo wu nu le míaƒe ŋkekea me. Asiriatɔwo va dze blema Yerusalem nɔlawo dzi. Eteƒe madidi o, futɔ aɖe, si woyɔ be ‘Asiriatɔ,’ ava dze Yehowa ƒe ame siwo dze abe ɖe takpɔkpɔ aɖeke meli na wo o ene la dzi kple susu be yeabu mo na wo keŋkeŋ. Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso amedzidzedze sia kple ‘Gog si tso Magog’ kple “dziehefia” la kpakple “anyigba dzi fiawo” ƒe amedzidzedze siaa ŋu. (Eze. 38:2, 10-13; Dan. 11:40, 44, 45; Nyaɖ. 17:14; 19:19) Amedzidzedze vovovowoe esiawo katã nyea? Míenya tututu o. Ate ŋu anye be amedzidzedze ɖeka ma kee Biblia tsɔ ŋkɔ vovovowo ɖɔ. Aʋakɔ kae Mixa ƒe nyagblɔɖia gblɔ be Yehowa adɔ ɖe ‘Asiriatɔ’ futɔ sẽŋuta ma ŋu? Aʋakɔ wɔmoya aɖee—“lãkplɔvi adre kple amegã enyi”! (Mixa 5:4) Lãkplɔvi kple amegã siwo ƒo ƒu wɔ aʋakɔ wɔnuku siae nye hamemetsitsiwo. (1 Pet. 5:2) Egbea Yehowa na hamemetsitsi wɔnuteƒe gbogbo aɖewo be woakplɔ yeƒe alẽ xɔasiawo, eye woado ŋusẽ wo ɖe egbegbe ‘Asiriatɔ’ la ƒe amedzidzedze si le ŋgɔ ŋu.b Mixa ƒe nyagblɔɖia gblɔ be, “woatsɔ yi agblẽ Asur ƒe anyigba la.” (Mixa 5:5) Ɛ̃, hamemetsitsiwo ƒe “aʋawɔnuwo” dometɔ ɖekae nye “gbɔgbɔ la ƒe yi,” si nye Mawu ƒe Nya la.—2 Kor. 10:4; Ef. 6:17.

17. Nu vevi ene kawoe hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ tso nu siwo me míedzro fifia me?

17 Hamemetsitsiwo, miate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso nu siwo me míedzro fifia me: (1) Afɔ vevitɔ si miate ŋu aɖe atsɔ adzra ɖo ɖe ‘Asiriatɔ la’ ƒe amedzidzedze si le ŋgɔ ŋue nye be, miado ŋusẽ miaƒe Mawu dzi xɔxɔ se eye miakpe ɖe mia nɔviwo hã ŋu be woawɔe nenema. (2) Ne ‘Asiriatɔ la’ ho ɖe mía ŋu la, ele be mi hamemetsitsiwo miaka ɖe edzi bliboe be Yehowa aɖe mí. (3) Ɣemaɣi la, ate ŋu awɔ na mi abe ɖe mɔfiame siwo nam Yehowa ƒe habɔbɔa le be wòatsɔ akpɔ míaƒe agbe ta la mesɔ o eye susu mele eme o ene. Ele be míalɔ̃ faa awɔ ɖe mɔfiame ɖe sia ɖe si woana mí la dzi, ne mewɔ ɖeka kple nu si míesusu o gɔ̃ hã. (4) Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be ame sia ame si kpɔtɔ le dzi ɖom ɖe suku kɔkɔ dede, kesinɔnuwo, alo amegbetɔwo ƒe habɔbɔwo ŋu la, naɖɔ eƒe susu ɖo. Hamemetsitsiwo, minɔ klalo be miakpe ɖe ame sia ame si ƒe xɔse le gbɔdzɔgbɔdzɔm la ŋu.

18. Aleke ŋugbledede le nuŋlɔɖi sia ŋu ate ŋu aɖe vi na mí le ɣeyiɣi si gbɔna me?

18 Ɣeyiɣi aɖe gbɔna si wòadze abe ɖe wɔna aɖeke mele Mawu subɔla siwo li egbea ŋu o ene, abe ale si wònɔ le Yudatɔ siwo ɖo xaxa me le Yerusalem le Xizkiya ŋɔli gome ene. Ɣemaɣi la, mina Xizkiya ƒe nyawo nado ŋusẽ mí katã. Mina míaɖo ŋku edzi be “amegbetɔ ƒe alɔe li” kple míaƒe futɔwo, “ke míawo la Yehowa, mía Mawu lae, li kpli mí, ne wòakpe ɖe mía ŋu, eye wòawɔ míaƒe aʋawo”!—2 Kron. 32:8.

a Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le Yesaya 7:14 be “ɖetugbui” la tea ŋu fiaa ɖetugbui si ɖe srɔ̃ alo ɖetugbui leaƒe. Eya ta woate ŋu azã nya ɖeka ma atsɔ aɖɔ Yesaya srɔ̃ kple Yuda-ɖetugbui leaƒe Maria siaa.

b Wozãa xexlẽdzesi adre le Ŋɔŋlɔawo me tsɔ fiaa blibonyenye zi geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, xexlẽdzesi enyi (adre si gbɔ edzi ɖeka) fiaa nu si do agbogbo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe