INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 97 axa 226-axa 227 mm. 2
  • Wokɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔea Ðe Kornelio Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wokɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔea Ðe Kornelio Dzi
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Petro Yi Kornelio Gbɔ
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • “Mawu Mekpɔa Ame Ŋkume O”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Mawu Mekpɔa Ame Ŋkume O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Yehowa “Mekpɔa Ame Ŋkume O”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 97 axa 226-axa 227 mm. 2
Kornelio kpe Petro va eƒe aƒe me

NUSƆSRƆ̃ 97

Wokɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔea Ðe Kornelio Dzi

Roma-ʋafia aɖe si woyɔna be Kornelio la nɔ Kaisarea. Togbɔ be menye Yudatɔe wònye o hã la, Yudatɔwo dea bubu eŋu. Ekpena ɖe ame dahewo kple ame siwo hiã kpekpeɖeŋu la ŋu dɔmenyotɔe. Kornelio xɔ Yehowa dzi se eye wòdoa gbe ɖa nɛ edziedzi. Gbe ɖeka la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Kornelio eye wògblɔ nɛ be: ‘Mawu se wò gbedodoɖawo. Azɔ dɔ amewo ɖo ɖe Yopa dua me, afi si Petro le, eye nàgblɔ nɛ be wòava.’ Enumake, Kornelio dɔ ŋutsu etɔ̃ ɖo ɖe Yopa si didi abe kilometa 48 ene le dua ƒe anyiehe gome.

Gake do ŋgɔ la, Petro kpɔ ŋutega aɖe le Yopa. Ekpɔ lã siwo ŋu womeɖe mɔ na Yudatɔwo be woaɖu o la, eye wòse gbe aɖe si nɔ gbɔgblɔm nɛ be wòaɖu wo. Petro gbe hegblɔ be: ‘Nyemeɖu lã makɔmakɔ aɖeke le nye agbe me kpɔ o.’ Gbea gblɔ nɛ ake be: ‘Mègayɔ lã siawo be lã makɔmakɔwo o. Mawu kɔ wo ŋu.’ Gbea gagblɔ nɛ be: ‘Ŋutsu etɔ̃ le wò ʋɔtru nu. Yi kpli wo.’ Petro yi ʋɔtrua nu eye wòbia ŋutsuawo susu si ta wova ɖo. Woɖo eŋu be: ‘Roma-ʋafia, Kornelio ye dɔ mí. Ebe nàva yeƒe aƒe me le Kaisarea.’ Petro bia tso wo si be woatsi yeƒe aƒe me adɔ le zã ma me. Esi ŋu ke la, eya kple nɔvi aɖewo siwo tso Yopa la dze wo yome yi Kaisarea.

Esi Kornelio kpɔ Petro azɔ la, edze klo. Gake Petro gblɔ be: ‘Tso! Amegbetɔ koe menye abe wò ke ene. Mawu gblɔ nam be mava aƒewòme, togbɔ be Yudatɔwo meyia ame siwo menye Yudatɔwo o ƒe aƒe me o hã. Azɔ meɖe kuku, gblɔ nu si ta nèdɔ ame wova yɔm la nam.’

Kornelio gblɔ na Petro be: ‘Ŋkeke enee nye esi va yi menɔ gbe dom ɖa na Mawu, eye mawudɔla aɖe gblɔ nam be madɔ woayɔ wò nam. Meɖe kuku, fia Yehowa ƒe nyawo mí.’ Petro ɖo eŋu be: ‘Azɔ menyae be Mawu mekpɔa ame ŋkume o. Exɔa ame sia ame si di be yeasubɔe.’ Petro fia nu geɖe wo tso Yesu ŋu. Emegbe gbɔgbɔ kɔkɔe la va Kornelio kple ame siwo nɔ afi ma kplii la dzi, eye wonyrɔ wo katã.

“Le dukɔ sia dukɔ me la, ame si [vɔ̃a Mawu] eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:35

Nyabiasewo: Nu ka tae Petro gbe be yemaɖu lã makɔmakɔwo o? Nu ka tae Yehowa gblɔ na Petro be wòayi ame si menye Yudatɔ o la ƒe aƒe me?

Dɔwɔwɔwo 10:1-48

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe