Na Sɔhɛwo
Mawu Mekpɔa Ame Ŋkume O
Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.
Ame siwo koŋ ŋu ŋutinyaa ku ɖo: Kornelio, Petro
Ŋutinyaa toto ɖe eme: Petro hã mekpɔ ame ŋkume o abe Mawu ke ene, eye wòɖe gbeƒã na Kornelio si nye trɔ̃subɔla.
1 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ DƆWƆWƆWO 10:1-35, 44-48.
Gblɔ ale si nèsusu be Kornelio ƒe dzedzeme anya nɔ.
․․․․․
Aleke nèsusu be Kornelio anya se le eɖokui me esime mawudɔla le nu ƒom kplii, abe ale si wogblɔe le kpukpui 3 lia va se ɖe 6 lia ene?
․․․․․
Dze kae nèsusu be Kornelio kple eƒe dɔlawo anya ɖo, abe ale si wogblɔe le kpukpui 7 kple 8 ene?
․․․․․
2 WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.
Nu ka tae kpɔɖeŋu si wowɔ na Petro, si dze le kpukpui 10 va se ɖe 16 la sɔ ŋutɔ? (Kpekpeɖeŋu: Nenɔ susu me na wò be Yudatɔe Petro nye, abe ale si wòdze le kpukpui 14 lia ene.)
․․․․․
Nɔnɔme kae nèkpɔ be Kornelio ɖe fia le kpukpui 25 lia? Nu ka tae wòasesẽ be ame si le ɖoƒe sia naɖe nɔnɔme sia afia? (Kpekpeɖeŋu: Kpɔ kpukpui 1.)
․․․․․
Ku nu me le agbalẽ siwo me nàte ŋui le kpɔ ɖa be ame nenie le Italia asrafoha si ƒe aʋafia Kornelio nye la me hã.
․․․․․
Nu ka tae Kornelio ƒe dzimetɔtrɔ la ɖe dzesi ŋutɔ?
․․․․․
3 TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI . . .
Kpɔɖeŋuwo zazã nyuie.
․․․․․
Ale si Mawu mekpɔa ame ŋkume o.
․․․․․
Ale si mele be wò hã nàkpɔ ame ŋkume o.
․․․․․
4 NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?
․․․․․
NE BIBLIA MELE ASIWÒ O LA, XƆ ÐEKA LE YEHOWA ÐASEFOWO GBƆ, ALO XLẼ YEVUGBE ME TƆ LE www.watchtower.org