INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 99 axa 230-axa 231 mm. 4
  • Gaxɔdzikpɔla Aɖe Srɔ̃ Nyateƒea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gaxɔdzikpɔla Aɖe Srɔ̃ Nyateƒea
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Tso Ƒu Va Makedonia”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Sila—Enye Dzideƒonamela
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • “Mawu Ƒe Ŋutifafa . . . Ƒo Gɔmesesewo Katã Ta”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Gbeƒãɖeɖe Nyanyuia Kple Kakaɖedzi Sẽŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 99 axa 230-axa 231 mm. 4
Gaxɔdzikpɔla si le Filipi la kpɔe be gaxɔa ƒe ʋɔtruwo le ʋuʋu evɔ gamenɔlawo me si o

NUSƆSRƆ̃ 99

Gaxɔdzikpɔla Aɖe Srɔ̃ Nyateƒea

Dɔlanyɔnuvi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la nɔ Filipi dua me. Gbɔgbɔawo zãa nyɔnuvia wòkaa afa, eye etoa ema dzi nana eƒe aƒetɔwo kpɔa ga geɖe. Esi Paulo kple Sila va Filipi la, enɔ wo yome ŋkeke geɖe. Gbɔgbɔawo nana wònɔa ɣli dom be: “Ame siawo nye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe kluviwo.” Mlɔeba Paulo gblɔ na gbɔgbɔ vɔ̃ la be: ‘Mele gbe ɖem na wò le Yesu ƒe ŋkɔ me be do go le eme!’ Gbɔgbɔa do le nyɔnuvia me.

Esi nyɔnuvia ƒe aƒetɔwo de dzesii be yewomagakpɔ ga tso egbɔ o la, dzi ku wo vevie. Wohe Paulo kple Sila yi dumegãwo gbɔ eye wogblɔ be: ‘Ŋutsu siawo le se la dzi dam hele zitɔtɔ dem du bliboa me!’ Dumegãwo ɖe gbe be woaƒo Paulo kple Sila eye woade wo gaxɔ me. Gaxɔdzikpɔlaa tsɔ wo de gaxɔ ememetɔ si do viviti wu la me, eye wòbɔ pã wo.

Paulo kple Sila dzi kafukafuhawo na Yehowa eye gamenɔla bubuawo se wo ŋkɔ. Kasia le zã titina la, anyigba ʋuʋu sesĩe si na gaxɔ bliboa ʋuʋu. Gaxɔa ƒe ʋɔtruwo ʋu, eye gamenɔlawo ƒe kɔsɔkɔsɔwo kple pãwo tu. Gaxɔdzikpɔlaa ƒu du yi gaxɔ ememetɔ la me eye wòkpɔ be ʋɔtruawo nɔ ʋuʋu. Esi wòsusu be gamenɔlawo anya si ta la, etsɔ yi be yeawu ye ɖokui.

Enumake Paulo do ɣli gblɔ be: ‘Mègawɔ nu vevi ɖokuiwò o! Mí katã míele afi sia!’ Gaxɔdzikpɔlaa ƒu du va dze klo ɖe Paulo kple Sila ƒe afɔnu. Ebia wo be: “Nu kae mawɔ be makpɔ ɖeɖe?” Wogblɔ nɛ be: ‘Ele be wò kple wò aƒemetɔwo miaxɔ Yesu dzi ase.’ Paulo kple Sila fia wo Yehowa ƒe nya, eye wonyrɔ gaxɔdzikpɔlaa kple eƒemetɔwo katã.

“Amewo alé mi, woati mia yome, woakplɔ mi ayi ƒuƒoƒewo, eye woade mi gaxɔwo me. Woakplɔ mi ayi dufiawo kple nutodziɖulawo ŋkume le nye ŋkɔ la ta. Esia ana mɔnukpɔkpɔ mi miaɖi ɖase.”—Luka 21:12, 13

Nyabiasewo: Nu ka tae wode Paulo kple Sila gaxɔ me? Nu kae na gaxɔdzikpɔla va srɔ̃ nyateƒea?

Dɔwɔwɔwo 16:16-34

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe