Sila—Enye Dzideƒonamela
TSO Kristotɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, dzikpɔla mɔzɔla wɔnuteƒewo ƒe dɔwɔna nɔ vevie le dzidedeƒo na Mawu ƒe amewo ƒe hamewo kple le nyanyuia tsɔtsɔ ɖo anyigba ƒe seƒe ke siaa me. Ame gbãtɔ siwo nye dzikpɔla siwo woɖo dometɔ ɖekae nye Sila, amesi nye nyagblɔɖila kple ŋgɔxɔlawo dometɔ ɖeka le Yerusalem hamea me. Ewɔ akpa vevi aɖe le gbeƒãɖeɖedɔa ƒe takeke me eye wònye dutanyanyuigblɔla gbãtɔ siwo tsɔ nyanyuia yi Europa nyigbawo dzi la dometɔ ɖeka. Nukae na Sila dze etɔxɛe na dɔ siawo katã wɔwɔ? Eye nɔnɔme kawoe wòanyo be míasrɔ̃ le eƒe amenyenye ŋu?
Aʋatsotso ƒe Nya La
Esi aʋatsotso ŋuti nyaʋiʋli si ate ŋu ahe mamã vɛ do mo ɖa le ƒe 49 M.Ŋ. me la, eva hiã be dziɖuha si nɔ Yerusalem naɖo mɔfiame si me kɔ la ɖe Kristotɔwo be woatsɔ akpɔ nyaa gbɔ. Nɔnɔme siawo mee woƒo nu tso Sila, si wogayɔna be Silvano ŋu le le Biblia me. Anɔ eme be enye nyametsotsoa wɔlawo dometɔ ɖeka si wogatia wònye amedɔdɔ nɔ “apostoloawo kple hamemegãwo” teƒe tsɔ woƒe nyametsotsoa yi na ‘nɔvi siwo le Antioxia kple Siria kpakple Kilikia.’ Le Antioxia la, Sila kple Yuda (Barsaba), hekpe ɖe Barnaba kple Paulo ŋu gblɔ woƒe gbedasia, edze ƒã be wotsɔ nu gblɔ nusiwo yi edzi le Yerusalem kpekpea me, kple nyametsotso si wowɔ, eye woxlẽ lɛta la me nyawo na wo. Azɔ hã ‘wogblɔ nya geɖe tsɔ de dzi ƒo na nɔviawo hedo ŋusẽ wo.’ Nu dodzidzɔname si do tso emee nye be Antioxia Kristotɔwo ‘kpɔ dzidzɔ.’—Dɔwɔwɔwo 15:1-32.
Eyata Sila wɔ akpa vevi aɖe le nya vevi sia gbɔ kpɔkpɔ me. Gake eƒe dɔdasia menɔ bɔbɔe o. Mɔ aɖeke meli si dzi woato anya alesi Antioxia hamea awɔ nui ɖe nyametsotso si wowɔ la ŋu o. Eyata nyameɖela aɖe gblɔ be, “ehiã ame aɖe si ƒe tagbɔ kɔ eye wòdze aɖaŋu be wòaɖe nusi apostoloawo ŋlɔ ɖe woƒe lɛtaa me.” Esi wotia Sila be wòawɔ dɔ sia si bia aɖaŋu kple ayedzedze la fia nane mí le amesi ƒomevi wònye ŋu. Woate ŋu aka ɖe edzi be agblɔ dziɖuha la ƒe mɔfiafiawo nuteƒewɔwɔtɔe. Anɔ eme hã be enye dzikpɔla nyanu aɖe si te ŋu ɖɔa nyawo ɖo ne nyaʋiʋli di be yeaɖo hamea me.
Ezɔa Mɔ Kple Paulo
Míenya nenye be Sila gatrɔ yi Yerusalem loo alo megatrɔ yi o. Aleke kee wòɖale o, le nyaʋiʋli aɖe si ɖo Barnaba kple Paulo dome le Yohanes, si woyɔna be Marko ta megbe la, Paulo tia Sila, amesi nɔ Antioxia ɣemaɣi, be yewoazɔ mɔ yeye aɖe si woɖo gbã be yewoayi agava kpɔ du siwo me Paulo ɖi ɖase le le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ gbãtɔ me la ɖa.—Dɔwɔwɔwo 15:36-41.
Anye be etia Sila le nɔnɔme nyui si wòɖe fia esime wodɔ wo ɖe Trɔ̃subɔlawo gbɔ kple ŋusẽ si eƒe nyagblɔɖila kple dziɖuha la ƒe nyanuɖela nyenye ate ŋu akpɔ ɖe xɔsetɔ siwo nɔ Siria kple Kilikia dzi ne wova le nyametsotsoawo gblɔm na wo ta. Emetsonuwo nyo ŋutɔ. Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ka nya ta be: “Eye esi wole duawo me tom la, wogblɔ nyaɖoɖo, siwo apostoloawo kple hamemegã, siwo le Yerusalem, bla la na wo, bena woalé wo me ɖe asi. Azɔ ŋusẽ ɖo hameawo ŋu le xɔse me, eye woƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ɖe edzi gbesiagbe.”—Dɔwɔwɔwo 16:4, 5.
Esi dutanyanyuigblɔla siawo nɔ woƒe mɔzɔzɔa dzi la, gbɔgbɔ kɔkɔea xe mɔ na wo zi eve be womeyi afisiwo woɖo tae o. (Dɔwɔwɔwo 16:6, 7) Wotsɔ Timoteo kpe ɖe wo ɖokui ŋu le mɔzɔzɔa me, le Listra, le eŋuti “nyagblɔɖi” siwo womegblɔ fia o megbe. (Timoteo I, 1:18; 4:14) Wogblɔ na Paulo, amesi te ŋu gblɔa nya ɖi hã, le ŋutega aɖe me be eya kple eƒe mɔzɔhatiawo natso ƒu ayi Makedonia, le Europa.—Dɔwɔwɔwo 16:9, 10.
Woƒoe Hedee Gaxɔ Me
Le Filipi, ‘si nye du vevitɔ le nutoa me’ me la, Sila to fuwɔame sesẽ aɖe si maŋlɔ be akpɔ o la me. Esi Paulo nyã afakagbɔgbɔ le nyɔnudɔla aɖe me vɔ eye eƒe aƒetɔwo kpɔ be yewoƒe gakpɔmɔnu bɔ yewo la, wohe Sila kple Paulo yi dua me dziɖulawo gbɔ. Ewɔe be woɖi gbɔ ame eve siawo esi woɖe wo fia le dutoƒo be wonye nuvɔ̃wɔlawo, eye wodze woƒe awuwo le wo ŋu heƒo wo kple ati le asi me.—Dɔwɔwɔwo 16:12, 16-22.
Menye ɖeko ameƒoƒo sia nye tohehe dziŋɔ si na amegbetɔ do dzi ʋuu wòglo o, ke le Paulo kple Sila gome la, tohehe siawo mele se nu o. Nukatae? Elabena le Romatɔwo ƒe se nu la, womeɖe mɔ be woaƒo Roma-vi o. Roma-dukɔmevinyenye le Paulo si, eye anɔ eme be ele Sila hã si. Le ‘ƒoƒo geɖe’ megbe la, wode Paulo kple Sila gaxɔ me afisi wobɔ pã woƒe afɔwo le. Gustav Stählin, ɖe nu me be, pã siawo nye “fuwɔamenu dziŋɔ, eye woate ŋu ake gamenɔlaawo ƒe afɔwo me wòakeke alesi wodii, ale gbegbe be alɔ̃ manya dɔ o.” Gake le zãtitina esime ɖikeke mele eme o be abi nɔ dzime na wo nɔ wo vem vevie la, “Paulo kple Sila wole gbe dom ɖa, eye wodzi kafukafuhawo na Mawu.”—Dɔwɔwɔwo 16:23-25.
Esia gafia nu bubu mí le Sila ƒe amenyenye ŋu. Dzi dzɔe elabena wonɔ fu kpem le Kristo ƒe ŋkɔ ta. (Mateo 5:11, 12; 24:9) Edze ƒã be seselelãme sia kee na be esi Sila kple eƒe zɔhɛwo yi dɔ gbe le Antioxia la, wote ŋu kpɔ dzidzedze le dzidedeƒo kple ŋusẽdodo hameawo me, ale be wo hati Kristotɔwo kpɔ dzidzɔ. Paulo kple Sila ƒe dzidzɔa anya gba go ɖe edzi esime woɖe wo le gaxɔa me nukutɔe to anyigbaʋuʋu aɖe dzi eye wote ŋu kpe ɖe gaxɔdzikpɔla si di be yeawu eɖokui la kple eƒe ƒomea ŋu be woxɔ Mawu dzi se.—Dɔwɔwɔwo 16:26-34.
Ameƒoƒoa kple gamenɔnɔa medo vɔvɔ̃ na Paulo loo alo Sila o. Esime woɖo du ɖa be woaɖe wo le gaxɔa me la, womedzo le Filipi le adza me, abe alesi dumegãwo susui ene o. Woʋli wo ɖokui ta eye wona ŋukpe lé dumegã dadala kple ŋutasẽla mawo. Paulo bia be: “Esi woƒo mí ʋɔnu madrɔ̃madrɔ̃e le ablɔ me, mí amesiwo nye Romatɔwo, eye wode mí gaxɔ me, ke azɔ la woaɖe mí ado goe le adzamea? Gbeɖe! Negbe woawo ŋutɔwo koe ava kplɔ mí ado goe.” Esi dua me dziɖulawo vɔ̃ nusi ate ŋu ado atso eme ta la, woɖe kuku na wo be woadzo le dua me.—Dɔwɔwɔwo 16:35-39.
Esi Paulo kple Sila wona dziɖuɖumegãawo nya be Roma-vinyenye ƒe gomewo le yewo si alea vɔ la, wowɔ ɖe dua me dziɖulawo ƒe biabia la dzi—gake wo yi ɖaklã wo xɔlɔ̃wo gbã hafi. Le alesi wova nɔ ewɔm azɔ le gbeƒãɖeɖemɔzɔzɔ bliboa me nu la, Sila kple eƒe zɔhɛa “[de] dzi ƒo” na nɔviawo ake, eye wodzo.—Dɔwɔwɔwo 16:40.
Tso Makedonia yi Babilon
Le esi teƒe be nya vɔ̃ si dzɔ, si ate ŋu afa lãme na ame, naɖe dzi le Paulo, Sila, kple woƒe zɔhɛwo ƒo la, woyi dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi le anyigba yeyewo dzi. Wogado go nɔnɔme sesẽwo le Tesalonika. Le Paulo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ le eƒe subɔsubɔdɔa me Sabat etɔ̃ sɔŋ ta la, tsitretsiɖeŋula ŋuʋãlawo de zi amewo me ale be nunyatɔe la, dutanyanyuigblɔlaawo si dzo le dua me le zã me. Wozɔ mɔ yi Beroia. Esi tsitretsiɖeŋulaawo se Paulo kple eƒe zɔhɛwo ƒe dɔwɔwɔ le du sia me ŋu nya la, wotso keke Tesalonika va. Wona Paulo ɖeɖe si, gake Sila kple Timoteo tsi Beroia be woakpɔ nusrɔ̃la yeyeawo ƒe ƒuƒoƒoa dzi. (Dɔwɔwɔwo 17:1-15) Emegbe Sila kple Timoteo gava wɔ ɖeka kple Paulo le Korinto, eye wohe nyatakaka nyui kple ɖewohĩ nunana aɖewo tso xɔlɔ̃ nuteƒewɔla aɖewo gbɔ le Makedonia ɖe asi vɛ. Esia anya na apostolo sia si hiã tu la naɖe asi le ŋutilãmedɔ si wɔm wònɔ ɣemaɣi ŋu, eye wògatrɔ yi ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi kple dzonɔameme yeye. (Dɔwɔwɔwo 18:1-5; Korintotɔwo II, 11:9) Esi woɖo Korinto la, wogaƒo nu tso Sila kple Timoteo ŋu be wonye nyanyuigblɔlawo kple Paulo ƒe zɔhɛwo hã. Eyata edze ƒã be womewɔ alɔgblɔdɔ le woƒe dɔa ŋu le du sia hã me o.—Korintotɔwo II, 1:19.
Ŋkɔteƒenɔnya “mí” zazã le lɛta eve siwo katã woŋlɔ na Tesalonikatɔwo—siwo woŋlɔ tso Korinto le ɣemaɣi—me na wosusui be Sila kple Timoteo wɔ akpa aɖe le eŋɔŋlɔ me. Gake wotu nukpɔsusu si nye be Sila wɔ agbalẽŋɔŋlɔdɔ la ɖe nusi Petro gblɔ le eya ŋutɔ ƒe lɛta ɖeka ŋu koŋ dzi. Petro gblɔ be yeŋlɔ yeƒe lɛta gbãtɔ ‘to Silvano, amesi nye nɔvi nuteƒewɔla la dzi.’ (Petro I, 5:12) Togbɔ be esia ate ŋu afia ko be Silvanoe nye amedɔdɔ si si wotsɔ agbalẽa dee hã la, vovototo si le atsyã si wotsɔ ŋlɔ Petro ƒe lɛta eveawo dome ate ŋu afia be ezã Sila wòŋlɔ agbalẽ gbãtɔa gake menye agbalẽ evelia o. Eyata anɔ eme be Sila ƒe dzɔdzɔmeŋutete gbogboawo kple teokrasi mɔnukpɔkpɔwo dometɔ bubue nye agbalẽŋɔŋlɔ.
Kpɔɖeŋu si Wòle Be Míasrɔ̃
Ne míegbugbɔ lé ŋku ɖe nusiwo míenya be Sila wɔ ŋu la, eŋutinya wɔa dɔ ɖe ame dzi. Enye kpɔɖeŋu nyui aɖe na egbegbe dutanyanyuigblɔlawo kple dzikpɔla mɔzɔlawo. Ezɔ mɔ de didiƒewo ɖokuitɔmadimaditɔe eye wòtsɔ nu geɖe sa vɔe, menye le ŋutilãmeviɖe kpɔkpɔ ta alo ŋkɔxɔxɔ ta o, ke be wòakpe ɖe amewo ŋu ta. Eƒe taɖodzinue nye be yeazã aɖaŋuɖoɖo si me nunya kple aɖaŋu le, nuƒo siwo ŋu wodzra ɖo nyuie si me dzo le, kple be yeado vevie nu le gbeadzisubɔsubɔdɔ me atsɔ ade dzi ƒo na woe. Akpa ka kee nèwɔna le Yehowa ƒe ame siwo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu dome o, ne wò hã èdzea agbagba nenema ke be nukpɔsusu nyui nanɔ ye si—le nɔnɔme sesẽ si adze ŋgɔ wò me gɔ̃ hã—la, wò hã ànye dzideƒonamela na hawòti xɔsetɔwo.
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Paulo ƒe Dutanyanyuigbɔgblɔ Mɔzɔzɔ Evelia
Ƒu Gã La
Antioxia
Derbe
Listra
Ikonio
Filipi
Troa
Amfipoli
Tesalonika
Beroia
Atene
Korinto
Efeso
Yerusalem
Kaisarea
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.