AKPA EVELIA
‘Nye Kɔkɔeƒe Lae Nègblẽ Kɔ Ðo Na’—Tadedeagu Dzadzɛa Dome Gblẽ
NYA VEVITƆ: Yuda kple Yerusalem ƒe mawusubɔsubɔ kple agbe nyui nɔnɔ dome gblẽ
Yehowa lɔ̃ Israel-viwo eye wòlé be na wo abe eƒe “nunɔamesi tɔxɛ” ene. (2 Mose 19:5) Gake womeyi edzi subɔ Yehowa o, ke boŋ wosubɔ alakpamawuwo le gbedoxɔ si tututu ŋu woyɔ eƒe ŋkɔ ɖo la me! Wogbã dzi na Yehowa eye wodo vloe. Nu kae na Israel-viwo ƒe nɔnɔme va gblẽ alea? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Ezekiel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu la me? Eye nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Israel-viwo va nɔ ha dem kple dukɔ siwo ƒo xlã wo la me?