AKPA ENELIA
“Maʋli Nye Ŋkɔ Kɔkɔe La Ta Vevie”—Aʋa Si Woho Ðe Tadedeagu Dzadzɛa Ŋu La Medze Edzi O
NYA VEVITƆ: Yehowa akpɔ eƒe amewo ta le xaxa gã la me
Yehowa lɔ̃ mí, gake abia akɔnta mí ɖe míaƒe nuwɔnawo ta. Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso ame siwo gblɔna be yewole esubɔm gake wotoa woƒe nuwɔnawo dzi gbea nu le egbɔ la ŋu? Aleke wòawɔ anya ame siwo ta wòakpɔ le xaxa gã la me? Eye nu ka tae Yehowa si nye Mawu lɔ̃ame la atsrɔ̃ ame miliɔn gbogbo siwo nye ame vɔ̃ɖiwo?