NUFIAMEÐAKA 2B
Ezekiel Eƒe Agbenɔnɔ Kple Eŋɔlimetɔwo
Ezekiel gɔmee nye “Mawue Doa Ŋusẽ Ame.” Togbɔ be nyagblɔɖi siwo ŋu wòƒo nu tsoe nye nuxlɔ̃amewo hã la, gbedeasi siwo katã ŋu wòƒo nu tsoe la wɔ ɖeka kple gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu, eye gbedeasiawo do ŋusẽ ame siwo di be yeawoade ta agu na Mawu le mɔ si adze eŋu nu la ƒe xɔse.
NYAGBLƆÐILA SIWO NƆ ANYI LE EŊƆLI
YEREMIYA,
etso nunɔlawo ƒe ƒome me, eye Yerusalem koŋue wòwɔ eƒe dɔa le (tso ƒe 647-580 D.Y)
HULDA
esubɔ le ɣeyiɣi si me wofɔ Segbalẽa le gbedoxɔa me le ƒe 642 D.Y. me lɔƒo
DANIEL,
etso Yuda to, si nye fiaƒomea me, eye wokplɔe yi Babilon le ƒe 617 D.Y.
HABAKUK
anye be esubɔ le Yuda esime Yehoyakim nɔ fia ɖum
OBADIYA
egblɔ nya ɖi ɖe Edom ŋu, anya wɔ esia esime wotsrɔ̃ Yerusalem
ƔEKAƔIE WOGBLƆ NYA ÐI? (ƑEAWO KATÃ DO ŊGƆ NA YESU)
NU ÐEDZESI SIWO DZƆ LE EZEKIEL ƑE AGBENƆƔI (ƑEAWO KATÃ DO ŊGƆ NA YESU)
Ƒe 643 lɔƒo: Wodzii
Ƒe 617: Babilontɔwo ɖe aboyoe
Ƒe 613: Edze nyagblɔɖidɔa gɔme; eye wòkpɔ ŋutega siwo tso Yehowa gbɔ
Ƒe 612: Ekpɔ ŋutega siwo ku ɖe xɔsegbegbe ŋu le gbedoxɔa me
Ƒe 611: Edze fɔbuamenyawo gbɔgblɔ ɖe Yerusalem ŋu
Ƒe 609: Srɔ̃a ku, eye toɖeɖe ɖe Yerusalem zi mamlɛtɔ dze egɔme
Ƒe 607: Woɖo kpe edzi nɛ be wotsrɔ̃ Yerusalem
Ƒe 593: Ekpɔ ŋutega si ku ɖe gbedoxɔa ŋu
Ƒe 591: Egblɔ ale si Nebukadnezar ava dze Egipte dzi; ewu nuŋlɔɖia ŋɔŋlɔ nu
YUDA KPLE BABILON FIAWO
Ƒe 659-629: Yosiya do tadedeagu dzadzɛa ɖe ŋgɔ, gake eku le aʋa si wòho ɖe Farao Neko ŋu la me
Ƒe 628: Yehoahaz ɖu fia ɣleti etɔ̃ pɛ ko, evɔ mewɔ nu nyui aɖeke o, eye Farao Neko va lée dzoe
Ƒe 628-618: Yehoyakim nye fia vɔ̃ɖi si Farao Neko tsɔ ɖo ameawo nu
Ƒe 625: Nebukadnezar ɖu Egiptetɔwo ƒe aʋakɔa dzi
Ƒe 620: Nebukadnezar va Yuda zi gbãtɔ eye wòtsɔ Yehoyakim ɖo fia le Yerusalem
Ƒe 618: Yehoyakim dze aglã ɖe Nebukadnezar ŋu gake anya ku esime Babilontɔwo va Ŋugbedodonyigbaa dzi zi evelia
Ƒe 617: Yehoyakin, si wogayɔna be Yekoniya, nye fia vɔ̃ɖi si ɖu dzi dzinu etɔ̃ eye wòva bɔbɔ ɖe Nebukadnezar te
Ƒe 617-607: Nebukadnezar tsɔ fia vɔ̃ɖi Zedekiya, si nye vɔvɔ̃nɔtɔ ɖo fiae
Ƒe 609: Zedekiya dze aglã ɖe Nebukadnezar, si va dze Yuda dzi zi etɔ̃lia la ŋu
Ƒe 607: Nebukadnezar tsrɔ̃ Yerusalem, elé Zedekiya, gbã ŋku nɛ eye wòkplɔe yi Babilon