INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 58 axa 140-axa 141 mm. 3
  • Wotsrɔ̃ Yerusalem

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wotsrɔ̃ Yerusalem
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyagblɔɖi Si Ku Ðe Mesia Ŋu—Sederti Gã La
    Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
  • Esubɔ ‘Le Ŋkekeawo Ƒe Nuwuɣi’
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • Yehowa Aɖo Eteƒe Na Ame Sia Ame Ðe Eƒe Dɔwɔwɔwo Nu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Ezekiel—Eƒe Agbenɔnɔ Kple Eŋɔlimetɔwo
    Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 58 axa 140-axa 141 mm. 3
Wotɔ dzo Yerusalem kple gbedoxɔa

NUSƆSRƆ̃ 58

Wotsrɔ̃ Yerusalem

Yudatɔwo trɔ le Yehowa yome enuenu eye wosubɔ alakpamawuwo. Yehowa yi edzi kpe ɖe wo ŋu ƒe geɖe. Edɔ nyagblɔɖila geɖe ɖa be woaxlɔ̃ nu wo, gake wogbe toɖoɖo. Ke boŋ woko nyagblɔɖilaawo. Mɔ ka dzie Yehowa to tsi woƒe trɔ̃subɔsubɔnuwɔnawo nu?

Babilon-fia Nebukadnezar nɔ dukɔwo xɔm ɖekaɖeka. Zi gbãtɔ si wòva dze Yerusalem dzi la, elé Fia Yehoyakin, amegãwo, aʋawɔlawo kple aɖaŋudɔwɔlawo, eye wòkplɔ wo yi Babilon. Elɔ kesinɔnu siwo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔa me hã dzoe. Emegbe Nebukadnezar ɖo Zedekiya Yuda-fiae.

Gbã la, Zedekiya ɖo to Nebukadnezar. Gake dukɔ siwo te ɖe wo ŋu kple aʋatsonyagblɔɖilawo ɖo aɖaŋu na Zedekiya be wòadze aglã ɖe Babilon ŋu. Yeremiya xlɔ̃ nui be: ‘Ne èdze aglã la, woawu Yudatɔwo, dɔ awu wo, eye woalé dɔ.’

Esi Zedekiya ɖu fia ƒe enyi la, eɖoe be yeadze aglã ɖe Babilon ŋu. Ebia tso Egipte-srafowo si be woakpe ɖe ye ŋu. Nebukadnezar dɔ eƒe aʋawɔlawo ɖa be woadze Yerusalem dzi, eye woyi ɖaɖe to ɖe dua. Yeremiya gblɔ na Zedekiya be: ‘Yehowa be ne èna ta Babilontɔwo la, wò ŋutɔ kple du bliboa miatsi agbe. Gake ne mèna ta oa, Babilontɔwo atɔ dzo Yerusalem eye woalé wò ade gaxɔ me.’ Zedekiya gblɔ be: ‘Nyemana ta o!’

Ƒe ɖeka kple afã megbe la, Babilontɔwo ƒe aʋawɔlawo gbã Yerusalem glia ge ɖe dua me eye wotɔ dzoe. Wotɔ dzo gbedoxɔa, wu ame gbogbo aɖewo eye wokplɔ ame akpe geɖe dzoe.

Zedekiya si le Yerusalem dua me, gake Babilontɔwo kplɔe ɖo. Wova lée esi wòsusɔ vie wòaɖo Yeriko eye wokplɔe vɛ na Nebukadnezar. Babilon-fia na wowu Zedekiya viŋutsuwo le eya ŋutɔ ŋkume. Eyome Nebukadnezar gbã ŋku na Zedekiya, dee gaxɔ me, eye wòku ɖe afi ma emegbe. Gake Yehowa do ŋugbe na Yudatɔwo be: ‘Le ƒe 70 megbe la, makplɔ mi va mia de Yerusalem.’

Ke nu kae adzɔ ɖe ɖevi siwo woɖe aboyoe yi Babilon la dzi? Ðe woayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowaa?

“Yehowa Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo le eteƒe hele dzɔdzɔe.”—Nyaɖeɖefia 16:7

Nyabiasewo: Ame kae nye Nebukadnezar? Nu kae wòtu kple Yerusalem? Ame kae nye Zedekiya?

2 Fiawo 24:1, 2, 8-20; 25:1-24; 2 Kronika 36:6-21; Yeremiya 27:12-14; 29:10, 11; 38:14-23; 39:1-9; Ezekiel 21:27

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe