INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • th nusɔsrɔ̃ 4 axa 7
  • Susuhehe Yi Ŋɔŋlɔawo Dzi Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Susuhehe Yi Ŋɔŋlɔawo Dzi Nyuie
  • Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Nu Si Tae Nèxlẽ Ŋɔŋlɔa Ðo La Me Nakɔ
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Ŋɔŋlɔawo Nuɖeɖe Nyuie
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Ŋgɔdonya Si Sɔ Nyuie
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
Kpɔ Bubuwo
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
th nusɔsrɔ̃ 4 axa 7

NUSƆSRƆ̃ 4

Susuhehe Yi Ŋɔŋlɔawo Dzi Nyuie

Mawunyakpukpui

Mateo 22:41-45

NU SI NÀWƆ: Dzra wò nyaselawo ƒe susu ɖo ale be woanɔ mɔ kpɔm na ŋɔŋlɔ si xlẽ ge nàla.

ALE SI NÀWƆE:

  • De ŋugble le nu si tae nèle ŋɔŋlɔa xlẽ ge ɖo la ŋu. He susu yi ŋɔŋlɔ ɖe sia ɖe si nàxlẽ la dzi le mɔ aɖe nu be wò nyaselawo ƒe susu nanɔ nya vevi si dzi nèdi be yeate gbe ɖo le ŋɔŋlɔa me la ŋu.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Bu nya siwo ƒo xlã ŋɔŋlɔa ŋu. Ne èle amewo ƒe susu hem yi ŋɔŋlɔ aɖe dzi eye nèdi be yeayɔ ame si gblɔ nyaa alo ame si ŋlɔ Biblia gbalẽ si me nyaa dze le ƒe ŋkɔ la, kpɔ egbɔ be nya si nàgblɔ la le eteƒe.

  • Tsɔ Biblia ɖo kpe edzi. Ne èle nu ƒom na ame siwo xɔ Mawu dzi se la, te gbe ɖe edzi be Mawu ƒe Nyae Biblia nye. Àto esia me aɖee afia be Biblia nye nunya vavãtɔ tsoƒe.

  • Na woanɔ mɔ kpɔm na ŋɔŋlɔ si xlẽ ge nàla. Bia nya aɖe si ŋu ŋɔŋlɔa aɖo, he susu yi kuxi aɖe si gbɔ woate ŋu azã ŋɔŋlɔa atsɔ akpɔ la dzi, alo nàhe susu yi gɔmeɖose aɖe si ƒe kpɔɖeŋu adze le Ŋɔŋlɔawo me ŋutinyaa me la dzi.

    Aɖaŋuɖoɖo

    De ŋugble le nu si wò nyaselawo nya tso nyatia kple mawunyakpukpuia ŋu xoxo la ŋu. He susu yi ŋɔŋlɔ si wonya nyuie la dzi wòanya se eye nàkpe ɖe wò nyaselawo ŋu woabu eŋu le mɔ yeye nu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe