INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • th nusɔsrɔ̃ 19 axa 22
  • Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ
  • Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzonɔameme
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Viɖe Si Le Eŋu Dɔ Wɔwɔ Me Nadze Ƒãa
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyawo Nede Dzi Ƒo Eye Wòatu Ame Ðo
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
Kpɔ Bubuwo
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
th nusɔsrɔ̃ 19 axa 22

NUSƆSRƆ̃ 19

Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ

Mawunyakpukpui

Lododowo 3:1

NU SI NÀWƆ: Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakpɔ asixɔxɔ si le nu si srɔ̃m wole ŋu eye woawɔ ɖe edzi.

ALE SI NÀWƆE:

  • Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woadzro wo ɖokuiwo me. Bia nya siwo ŋu wò nyaselawo aɖo na wo ɖokuiwo la wo be wòakpe ɖe wo ŋu woadzro wo ɖokuiwo me.

  • Ðee fia be yeka ɖe edzi be wodi be yewoawɔ nu si le eteƒe. De dzi ƒo na wò nyaselawo be woadzro wo ɖokuiwo me akpɔ nu si tae wowɔa nu nyuiwo ɖo. Kpe ɖe wo ŋu be woana susu nyuitɔ, si nye lɔlɔ̃ na Yehowa, lɔlɔ̃ na wo haviwo kple lɔlɔ̃ na Biblia ƒe nufiafiawo, naʋã wo. Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakpɔe be nunya le nya si Biblia gblɔ me; mègahe nya ɖe wo ŋu o. Le esi nàde ŋukpe mo na wo teƒe la, na woase le wo ɖokuiwo me be ètu yewo ɖo, eye ède dzi ƒo na yewo be yewoawɔ yewoƒe ŋutete katã.

  • He susu yi Yehowa dzi. Te gbe ɖe ale si Biblia ƒe nufiafiawo, gɔmeɖosewo kple sededewo ɖea Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo kple ale si gbegbe wòlɔ̃ míi fiana la dzi. Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woabu ale si Yehowa sena le eɖokui me ŋu ahadi be yewoadze eŋu.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Ðo ŋku edzi be Yehowa ye hea amewo vaa eɖokui gbɔ. Zã eƒe Nyaa nàtsɔ aʋã wò nyaselawo.

LE GBEƑÃÐEÐEDƆA ME

Ne anya wɔ la, bia nyawo aƒemenɔlaa be nànya nu si tututu dzi wòxɔ se. Lé ŋku ɖe ale si wòɖo moe ŋu eye nàde dzesi gbe si wòtsɔ le nu ƒomee be nànya ale si tututu wòle sesem le eɖokui me. Gake ele be nàgbɔ dzi ɖi hã. Ahiã be nàna wò nyaselaa naka ɖe dziwò hafi wòate ŋu agblɔ eƒe dzimenyawo na wò.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe