INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • th nusɔsrɔ̃ 18 axa 21
  • Nufiame Nanɔ Eme Na Nyaselawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nufiame Nanɔ Eme Na Nyaselawo
  • Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzonɔameme
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nufiame Nanɔ Eme Na Nyaselawo
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Viɖe Si Le Eŋu Dɔ Wɔwɔ Me Nadze Ƒãa
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
Kpɔ Bubuwo
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
th nusɔsrɔ̃ 18 axa 21

NUSƆSRƆ̃ 18

Nufiame Nanɔ Eme Na Nyaselawo

Mawunyakpukpui

1 Korintotɔwo 9:19-23

NU SI NÀWƆ: Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woabu tame le nyatia ŋu ale be woase le wo ɖokuiwo me be yewosrɔ̃ nu vevi aɖe.

ALE SI NÀWƆE:

  • Bu nu siwo wò nyaselawo nya xoxo la ŋu. Mègagbugbɔ nu siwo nyaselawo nya xoxo la gblɔ dzro ko o, ke boŋ kpe ɖe wo ŋu woabu nyatia ŋu le mɔ bubu nu.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Ƒo nu tso nu siwo wonya nyuie la ŋu kabakaba wu, gake gbɔ dzi blewu nàƒo nu tso numeɖeɖe yeyewo ŋu.

  • Ku nu me eye nàde ŋugble. Ne anya wɔ la, zã nyateƒenya siwo ŋu amewo menya nu boo tso o alo nyadzɔdzɔ yeyewo nàtsɔ aɖe susu veviwo me. De ŋugble le wò nyatia kpakple kadodo si le wò nyatia kple nyateƒenya siwo nèdi be yeazã le wò nuƒoa me dome la ŋu nyuie.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Ne èle wò nyatia me tom la, bia nyawo abe, ‘nu kae, nu ka tae, ɣekaɣie, afi kae, ame kae, kple aleke’ ene, ɖokuiwò be wòakpe ɖe ŋuwò nàde ŋugble le nyawo ŋu. Nɔ nya mawo tɔgbi biam eye nànɔ wo ŋu ɖom le wò nuƒo alo dɔdeasi bliboa me be wò nufiafia nalé vi.

  • Na woakpɔ ale si wò gbedeasia le vevie. Na wò nyaselawo nakpɔ ale si Ŋɔŋlɔawo me nyawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu le woƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me. Ƒo nu tso kpɔɖeŋu, amewo ƒe nɔnɔme kple nuwɔna aɖewo koŋ siwo ka wò nyaselawo la ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe