INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • th nusɔsrɔ̃ 20 axa 23
  • Nyataƒonya Si Awɔ Dɔ Ðe Ame Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyataƒonya Si Awɔ Dɔ Ðe Ame Dzi
  • Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyataƒonya Si Awɔ Dɔ Ðe Ame Dzi
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Na Nu Si Tae Nèxlẽ Ŋɔŋlɔa Ðo La Me Nakɔ
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Viɖe Si Le Eŋu Dɔ Wɔwɔ Me Nadze Ƒãa
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
Kpɔ Bubuwo
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
th nusɔsrɔ̃ 20 axa 23

NUSƆSRƆ̃ 20

Nyataƒonya Si Awɔ Dɔ Ðe Ame Dzi

Mawunyakpukpui

Nyagblɔla 12:13, 14

NU SI NÀWƆ: Le wò nyataƒonyaa me la, gblɔ nya siwo aʋã wò nyaselawo be woalɔ̃ ɖe nu si wosrɔ̃ dzi eye woawɔ ɖe edzi.

ALE SI NÀWƆE:

  • Kadodo nenɔ wò nyataƒonyaa kple tanyaa dome. Gahe susu yi tanyaa kple susu veviawo dzi ake.

  • Gblɔ nya siwo aʋã wò nyaselawo be woaɖe afɔ. Fia wò nyaselawo nu si woawɔ, eye nàna woakpɔ susu nyui siwo tae wòle be woawɔ wo ɖo. Ƒo nu dzonɔamemetɔe kple kakaɖedzi.

  • Na wò nyataƒonyaa me nakɔ eye wòanɔ kpuie. Mègade nya vevi bubu siwo ŋu mèƒo nu tsoe va yi o la nyataƒonyaa me o. Zã nya ʋɛ ale si wòanya wɔ nàtsɔ aʋã wò nyaselawo zi mamlɛtɔ be woaɖe afɔ.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Mègaƒo nya ta dzitsitsitɔe o, eye mègana wò gbe nanɔ to yim vivivi ko abu keŋkeŋ o. Na wòadze le wò nyagbe ʋɛ mamlɛawo me be èle wò nyaa ta ƒom.

LE GBEƑÃÐEÐEDƆA ME

Ne èle dzeɖoɖoa nu wum la, gbugbɔhe susu yi nya vevi siwo dzi nèdi be wò nyaselaa naɖo ŋkui la dzi. Ne eva hiã be dzeɖoɖoa nawu enu kpata la, dze agbagba nàƒo eta le mɔ si atu ame ɖo nu. Ne amea mexɔ wò nyuie o gɔ̃ hã la, wɔ nu ɖe eŋu le mɔ si ana wòalɔ̃ aɖo to ɣebubuɣi la nu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe