Ðe nu siwo nèva srɔ̃ la dzɔ dzi na wòa?
Ðe nàdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso Biblia mea?
Nu siwo nàva srɔ̃ le agbalẽ si ƒe tanyae nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò me la ƒe akpa sue aɖe koe nye esia.
Womaxɔ ga le asiwò ɖe agbalẽa alo Biblia me dzodzroa ta o. Adzɔ dzi na mí be míadzro Biblia me kpli wò le ɣeyiɣi kple teƒe si asɔ na wò.
Nyati vovovowo siwo ŋu nàva srɔ̃ nu tsoe la dometɔ aɖewoe nye esiawo:
Taɖodzinu si le agbea ŋu
Ale si nàwɔ akpɔ ŋutifafa vavãtɔ
Nu si ana dzidzɔ nanɔ ƒomea me
Ŋugbe siwo Biblia do ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu
Ne èdi be agbalẽ sia nasu asiwò eye nàyi Biblia sɔsrɔ̃ dzi la, míeɖe kuku, gblɔe na Yehowa Ðasefo aɖe alo nàyi míaƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org eye nàbia be woava srɔ̃ Biblia kpli ye.