HADZIDZI 162
Nye Gbɔgbɔ Me Nuhiahiãwo
1. Hiahiã vevi aɖe li,
Wodzi mí katã kpakplii:
Míebiaa nya le míaƒ’agbe ŋu
Kple míaƒe ’tsɔme ŋu.
Ne amewo tra mɔ hã,
Biblia ya fiaa nyateƒea.
Emenyawo naa mɔkpɔkpɔ
Kple dzidzɔ vavãtɔ.
(HAXE)
Mawu vavãa makafu,
Awɔ nu si adze eŋu.
Eya ko masubɔ ɖaa.
Ana nu siwo hiãm.
Makpɔ nye gbɔgbɔ
Me nu hiahiã’o gbɔ.
2. Madi ɣeyiɣi ade
Ŋugble l’eƒe Nyaa ŋu nyuie.
Xɔse vavã ana makpɔ
Ablɔɖe vavãtɔ.
Ne ame’o gbe nyaa hã la,
Mado gbe ɖa ɖe wo ta.
Be woava kpɔ dzidzɔ vavã,
Si tɔgbi mekpɔna.
(HAXE)
Mawu vavãa makafu,
Awɔ nu si adze eŋu.
Eya ko masubɔ ɖaa.
Ana nu siwo hiãm.
Makpɔ nye gbɔgbɔ
Me nu hiahiã’o gbɔ.
Mawu vavãa makafu,
Awɔ nu si adze eŋu.
Eya ko masubɔ ɖaa.
Ana nu siwo hiãm.
Makpɔ nye gbɔgbɔ
Me nu hiahiã’o gbɔ.
Mawu vavãa makafu,
Awɔ nu si adze eŋu.
Eya ko masubɔ ɖaa.
Ana nu siwo hiãm.
Makpɔ nye gbɔgbɔ
Me nu hiahiã’o gbɔ.
(Kpɔ Mat. 5:6; 16:24; Yes. 40:8; Ps. 1:1, 2; 112:1; 119:97; 2 Tim. 4:4 hã.)