INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lmd nusɔsrɔ̃ 11
  • Fia Nu Wòanɔ Bɔbɔe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fia Nu Wòanɔ Bɔbɔe
  • Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Yesu Wɔe
  • Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ?
  • Srɔ̃ Yesu
  • Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woava Xɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Ale Si Nàzã “Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!” Gbalẽa Atsɔ Asrɔ̃ Nu Kple Amewo
    Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
  • Lé Ŋku Ðe Wò “Nufiafiaɖaŋu” Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ðo Wò Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe Dzi Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Kpɔ Bubuwo
Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
lmd nusɔsrɔ̃ 11

NUSRƆ̃LAWO WƆWƆ

Yesu le nu fiam amewo le tɔ aɖe to. Xeviwo le dzodzom le yame, eye seƒoƒowo hã le wo gbɔ afi ma.

Mat. 6:​25-27

NUSƆSRƆ̃ 11

Fia Nu Wòanɔ Bɔbɔe

Nya si Biblia gblɔ: ‘Gblɔ nya siwo gɔme anya se bɔbɔe.’—1 Kor. 14:9.

Ale Si Yesu Wɔe

Yesu le nu fiam amewo le tɔ aɖe to. Xeviwo le dzodzom le yame, eye seƒoƒowo hã le wo gbɔ afi ma.

VIDEO: Yesu Wɔ Kpɔɖeŋu Aɖe Si Na Míekpɔe Be Yehowa Léa Be Na Mí

1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Mateo 6:​25-27. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:

  1. Kpɔɖeŋu kae Yesu wɔ si na míekpɔe be Yehowa léa be na mí?

  2. Togbɔ be Yesu nya nu geɖe tso xeviwo ŋu hãa, nya ʋɛ kae wògblɔ tso wo ŋu? Nu ka tae nufiafia alea sɔ ŋutɔ?

Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ?

2. Ne míaƒe nufiafia le bɔbɔea, amewo ate ŋu aɖo ŋku edzi eye woawɔ edzi.

Srɔ̃ Yesu

3. Mègaƒo nu fũu akpa o. Mègaƒo nu tso nu sia nu si nènya tso nyati si me dzrom mielea ŋu o, ke boŋ ƒo nu tso nu si le nusrɔ̃gbalẽa me ŋu. Ne èbia nya aɖe nusrɔ̃viaa, gbɔ dzi ɖi nɛ wòaɖo eŋu. Ne menya ŋuɖoɖoa o alo eƒe ŋuɖoɖoa mesɔ kple nu si Biblia fia oa, gabia nya bubuwoe be wòakpe ɖe eŋu wòakpɔ ŋuɖoɖoa. Ne nusrɔ̃via nya se nya veviawo gɔme koa, miɖe zɔ yi ŋgɔ.

4. Zã nu siwo nusrɔ̃via nya xoxo nàtsɔ akpe ɖe eŋu wòase nu yeyewo gɔme. Le kpɔɖeŋu me, ne miegbɔna nu srɔ̃ ge tso tsitretsitsia ŋua, miate ŋu adzro nu siwo miesrɔ̃ va yi tso nɔnɔme si me ame kukuwo lea me kpuie.

5. Zã kpɔɖeŋuwo nyuie. Hafi nàwɔ kpɔɖeŋu aɖea, bia ɖokuiwò be:

  1. a. ‘Ðe kpɔɖeŋu sia le bɔbɔea?’

  2. b. ‘Ðe nusrɔ̃via ase egɔme bɔbɔea?’

  3. d. ‘Ðe kpɔɖeŋua ana nusrɔ̃via naɖo ŋku nya veviawo dzia, alo kpɔɖeŋua ɖeɖe koe atsi susu me nɛa?’

KPƆ MAWUNYAKPUKPUI SIAWO HÃ

Mat. 11:25; Yoh. 16:12; 1 Kor. 2:1

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe