Yehowa Doa Ŋusẽ Eƒe Amewo Le Ɣedzeƒe Kple Ɣetoɖoƒe
YEHOWA yi edzi le “ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go” la dom eƒe Ðasefowo le anyigba siwo dzi woɖo asi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le, anyigba siwo dzi ŋutasesẽnuwɔwɔwo le nu gblẽm le, kple anyigba siwo dzi woɖe mɔxeɖenua ɖa le nyitsɔ laa—ẽ, le xexeame katã.—Korintotɔwo II, 4:7.
Dzidzedzekpɔkpɔ le Asiɖoɖo Dɔa Dzi Me
Ƒe 17 sɔŋ enye sia si woɖo asi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Ɣedzeƒe Ʋĩ ƒe ƒudomekpowo dometɔ ɖeka dzi. Ðe dzi ɖe le Ðasefoawo ƒoa? Kura o! Le ƒe si va yi ƒe May me la, woɖo gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 10,756 gbɔ eye wo ame 1,297 nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Esi xexeame ƒe nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzi la, ƒudomekpoa dzi tɔwo lɔ̃na ɖoa to nyateƒea geɖe wu. Eyata wobu aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ siwo wowɔ kple ɖetsɔlemetɔwo le woƒe aƒewo me la 15,654 ƒe akɔnta. Do ŋgɔ la, ame 25,397 de kpekpe siwo wowɔ le bebeme hena Yesu ƒe kua ƒe ŋkuɖodzia.
Esime wowɔ “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpeawo—wowɔ esiawo hã le bebeme le nutoa me ƒe nɔnɔmewo ta—la, dzi dzɔ nɔviawo esime woxɔ agbalẽ siwo woɖe ɖe go le United States la ke le wo degbe me. Gbegɔmeɖelawo, nuŋɔŋlɔmevodadaɖɔɖolawo kple ame bubuwo lɔ̃ faa tsɔ wo ɖokui na be yewoawɔ dɔ ɣeyiɣi geɖe wu alesi dze ne yewoate ŋu ata agbalẽ vevitɔ si ɖe ge woala ɖe go la si ƒe axawo nye alafa geɖewo ɖe game dzi. Dzi dzɔ agbalẽtaƒe aɖe si menye Ðasefowo tɔ o be yewoana kpekpeɖeŋu eye wota agbalẽawo hebla wo nyuie. Dzi dzɔ takpekpea valawo esi woxɔ agbalẽ sia si me amadede dzeaniwo ƒe nɔnɔmetata siwo wu akpe ɖeka la le. Dziɖuɖumegã geɖewo bua Yehowa Ðasefowo, eyata Kristodukɔa ƒe osɔfowo koŋ gbɔe yometitia tsona. Míele mɔ kpɔm be woaɖe mɔxeɖenua ɖa kpuie.
Dziehe Kple Anyiehe Amerika Ya Ðe?
Yehowa Ðasefo siwo le Ɣetoɖoƒenyigba siawo dzi wɔ ɖeka kple wo nɔvi siwo le Ɣedzeƒe la le akɔkpekpe kple woƒe kuxiwo dzideƒotɔe me, eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe wo ŋu be wotona nɔnɔme sesẽwo me dona. Le kpɔɖeŋu me, bu Latin Amerika-nyigba aɖe si dzi gbemuame siwo mele se nu o la ƒe agbledelawo kple wo dzralawo ƒe ƒuƒoƒowo le la ƒe nyatakaka si gbɔna la ŋu kpɔ.
Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖo ʋu yi saɖaganyigba aɖe dzi. Esi woɖi le ʋua me la, wokpɔ afɔmɔ aɖe tso kɔƒea me yi. Eyata nɔviŋutsu atɔ̃awo dze mɔ be yewoakpɔ afisi afɔmɔ la ɖo tae, eye wode dɔ asi na nɔvinyɔnuwo kple ɖeviwo be woawɔ dɔ le kɔƒea me. Nɔviŋutsuawo dometɔ ɖeka ka nya ta be:
“Aƒe ʋee aɖewo ko míekpɔ le gaƒoƒo eve ƒe mɔ si míezɔ la me. Eye enumake la, ŋutsu enyi siwo si tu le eye wotsɔ nu tsyɔ ta kple ŋkume la, do go tso avea me. Ame aɖewo lé tu si wodana tre ɖe enu ɖe asi eye ame aɖewo lé yi ɖe asi. Nuka gɔ̃ enye si míekpe? Míebia nusi dim wonɔ la wo, gake wogblɔ na mí be míazi ɖoɖoe eye míagaƒo nu o—be míazɔ ɖo ta ŋgɔgbea ko. Míezɔ yi! Le gaƒoƒo eve bubu ƒe azɔlizɔzɔ to avewo me megbe la, míeva ke ɖe dogba aɖe si dze ƒã be enye aʋawɔlawo ŋutɔŋutɔ ƒe asaɖa aɖe ŋu. Wolé tu ɖe asi le afisiafi tsɔ le teƒea ŋu dzɔmee. Wotu xɔ dzeani aɖe ɖe titina si me wokplɔ mí yii.
“Esi míenɔ anyi teti ko la, ame aɖe si dze abe eyae nye asaɖa la ƒe ŋgɔnɔla ene la bia gbe mí. Edzra ɖo nyuie, enya agbalẽ, eye wònye amesi ŋu bubu le si nɔa anyi kpoo. Efia asi ame ɖeka le mí nɔviŋutsuawo dome eye wògblɔ nɛ be netsi tre. Azɔ ebiae be: ‘Nukae miebuna tso [míaƒe] ƒuƒoƒoa ŋu? Esi nɔviŋutsua ƒe ŋkume kɔ ɖe afisi míele ŋu ƒã ta la, eɖo eŋu be: ‘Enyo, míenya nu le miaƒe ƒuƒoƒoa ŋu, gake eya alo dunyaheƒuƒoƒo bubu aɖeke ƒe nya meka mí o. Susu si ta ko míele afisia ɖo enye be míaɖe gbeƒã Yehowa Mawu ƒe Fiaɖuƒe si ava to Kristo Yesu dzi la. Eteƒe madidi o la atsrɔ̃ nuɖoanyi sia ƒe dunyahedziɖuɖuwo katã eye wòahe yayra wɔnukuwo vɛ na amesiwo le anyigba sia si azu Paradiso la dzi—nusi ame aɖeke alo amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖeke mate ŋu awɔ o.’
“Ŋutsua ƒe nɔnɔme trɔ. Edze nyawo biabia gɔme. ‘Afikae nèsrɔ̃ nusiawo katã le? Aleke nèwɔ te ŋu su te ƒo nu nenema?’ Míete ŋu tsɔ gaƒoƒo ɖeka kple afã ɖi ɖase nyuie le xexeame ƒe nɔnɔmewo ŋu heɖee fia wo be Biblia gblɔ nusi nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia si li la fia. Míeɖe Romatɔwo ta 13 hã me—be míebua dziɖuɖu siwo le dzi ɖum la, gake ne woƒe nyagbɔgblɔwo tsi tre ɖe Yehowa tɔwo ŋu la, míebua mía Mawu Yehowa gbã. Mlɔeba la, míetsɔ agbalẽ siwo le mía si la nɛ. Exɔ agbalẽawo dometɔ etɔ kple Biblia ɖeka, eye ewɔ nuku na mí ŋutɔ be exe fe ɖe wo ta. Egblɔ be yeaxlẽ wo.
“Emegbe ŋgɔnɔla la wɔ asi na ŋutsuawo dometɔ ɖeka be wòakplɔ mí ado le asaɖa la me. Eteƒe medidi o míedze mɔ ɖo ta aƒeme, eye míeda akpe na Yehowa le dziɖuɖu si míekpɔ le ɖaseɖiɖi le nɔnɔme bubu me ta.”
Le Afrika si ŋu Aʋawɔwɔ Gblẽ Nu Le
Afrika-nyigba la le Ɣedzeƒe Ʋĩ kple Ɣetoɖoƒe ʋĩ ƒe titina. Towo dome ƒe aʋawɔwɔ tsɔ dukɔ aɖewo ƒo ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe ba vɔ̃ɖi aɖe me le afima. Dukɔmeviʋawɔwɔ ƒe nugbegblẽ gagblẽ nu le Yehowa ƒe amewo ŋu vevie ake le Liberia. Aʋaa gava gbã le fiadua me kple eŋu godoo le October kple November ƒe 1992 me. Emegbe esi aʋawɔwɔa nɔ ta kekem ɖo ta dzigbe le dukɔa me la, hame blibowo kaka esi nɔviawo kple dua me tɔ susɔeawo si ɖo ave. Gake woƒe dzonɔamemea nu metsi o. Wonɔ sisim, nɔ gbeƒã hã ɖem, eye esia wɔe be woɖi ɖase gã aɖe le dukɔa ƒe nuto siwo sa ɖe aga ʋĩ me.
Nɔvi siwo dzi wòzii ɖo be woagblẽ woƒe aƒewo ɖi ƒe hame ɖeka tu ɣeyiɣi aɖe ƒe Fiaɖuƒe Akpata ɖe ati siwo me woɖea aŋe le la dome. Le ŋkeke me la, dumevi gbɔlo siwo le du aɖe si te ɖe afisi nye aʋa la ƒe sesẽaƒe la sina ɖoa ave siwo ƒo xlã wo be woasi le bɔmb siwo dam wole tso yame nu. Afima nɔviwo (siwo dome gbeƒãɖela gbogbo siwo si tso Monrovia fiadua me le) wɔ ɖoɖo ɖe gbeadziyiyi ŋu eye wokpɔa wo edziedzi wonɔa gbeƒã ɖem na ame akpe geɖe siwo be ɖe aŋetiawo te! Ne yameʋu aɖe gbɔna la, ele be nɔviŋutsuawo kple nɔvinyɔnuawo nati kpo adze do aɖe si te ɖe wo ŋu la me eye emegbe, ne afɔkua nu va yi vɔ la, wogayia edzi kple woƒe ɖaseɖiɖia.
Nukutɔe la, hamea me gbeƒãɖela siwo sɔgbɔ wu akpe ɖeka siwo te ŋu ɖo akɔntabubu ɖe Habɔbɔa bu gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe gaƒoƒo 18.1 le mamã dedie nu eye wole Biblia-nusɔsrɔ̃ 3,111 wɔm ɣleti sia ɣleti togbɔ be dukɔmeviʋa la le nu gblẽm hã.
Woɖe asi si woɖo Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi la ɖa le dukɔ 18 me le Afrika le ƒe ene siwo va yi me. Dzidzɔ gã kae nye si! Le August 12 lia dzi la, woɖe mɔxeɖenu si woɖo Ðasefowo dzi le Malawi le October 1967 la ɖa. Gbeƒãɖeɖe nyanyuia le adzame kpɔ dzidzedze ɣeawokatãɣi, eye togbɔ be ehiã be woalala tsitretsitsia be woagado go woƒe zɔhɛ lɔlɔ̃tɔ gbogbo siwo ameteɖeanyilawo wu hã la, Ðasefoawo le ŋgɔ yim le ablɔɖe me azɔ.
Hekpe ɖe eŋu la, wowɔ ŋutifafa ƒe nubabla aɖe le October 4, 1992 dzi le Mozambique. Wode anyigbamamã siwo me womete ŋu yina tsã o le aʋa si wowɔ ƒe le 16 siwo va yi me ta la me, eye nɔviawo le kekem ɖe nɔviwo ƒe hame kple ƒuƒoƒo siwo sa ɖe aga keŋkeŋ la ŋuti. Le Carioco ƒe nutoa me la, kadodo gagbugbɔ ɖo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu 375 siwo kple habɔbɔa dome kadodo ɖesiaɖe me tso le ƒe adre siwo va yi me la dome. Wowɔ ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ le Milange, si nye nuto si woyɔna tsã be Yehowa Ðasefowo, siwo dometɔ gbogbo aɖewo nye sitsoƒedilawo tso Malawi la, ƒe fuwɔamesaɖa kple “afisi woganaa hehe ame le.” Vavalawo ƒe agbɔsɔsɔ wɔnuku si nye 2,915 ye de, amesiwo dome dua dzikpɔla si xɔ Yehowa Ðasefowo atuu hã le. Ale teƒe si nye “gbugbɔgaheƒe” tsã la va zu Mawu ƒe nufiafiaxɔƒe gbemagbe, eye woɖi ɖase gã aɖe.
Dutanyanyuigblɔla aɖe ŋlɔe be: “Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔƒe si Kpɔa Sitsoƒedilawo ƒe Nyawo Gbɔ teƒenɔla gã ɖi ɖase nyui aɖe tso Yehowa Ðasefo siwo le Tete Nutoa me sitsoƒedilawo ƒe asaɖawo me la ŋuti. Egblɔ be Yehowa Ðasefowo wɔ woawo ŋutɔ ƒe asaɖawo, wosa ɖe aga tso ƒuƒoƒo bubuwo gbɔ. Egblɔ be ‘woƒe asaɖa la koe nye asaɖa ɖeka kolia si wolé be na wòle dzadzɛ’ hegblɔ kpee be ‘Yehowa Ðasefowo le dzadzɛ, wole ɖoɖo nu, eye woxɔ hehe.’ Egblɔ be yeakɔm ɖe yameʋu me aƒo xlã avea ne nye ŋutɔ makpɔe ɖa. Yameʋukula la fia asi asaɖa eve tso yame. Nu vuvuwo yɔ ɖeka me eye wòƒo ɖi, kple xɔ siwo wotu nyamaa ƒo kpli ɖe wo nɔewo ŋu aɖaŋu aɖeke manɔmee. Wotu asaɖa kemea ya nyuie kple aɖaŋu, eye mɔwo tso xɔawo dome ale be woɖo ɖe fli me. Aƒeawo me le dzadzɛ, eye wokplɔ wo me nyuie. Wosi aŋɔ si woawo ŋutɔ wowɔ ɖe ɖewo kura hã ŋu. Yameʋukula la biam be, ‘kpɔe ɖa be wo dometɔ kae nye mia tɔ hã?’ Edo dzidzɔ nam ŋutɔ be mekpɔ nɔviwo le asaɖa sia me. Hame enyi ye le Ðasefowo ƒe du sia me fifia.”
Le “Hɔ̃wo De”
Ao, menye Amerikatɔwo ƒe hɔ̃ ƒe dzesi ye nye esia o! Europa-nyigba si nye Albania, si le Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe dome la, ƒe ŋkɔ Shqipëria le dukɔa ƒe gbe me gɔmee nye “Hɔ̃wo De.” Nyitsɔ laa la, woɖe ŋutasesẽ ƒe asi si woɖo Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi ƒe 50 la ɖa, eye wote ŋu wɔ ɖeka kple wo nɔvi siwo le Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe tsɔ se vivi le tadedeagu ƒe ablɔɖea me. Wole ‘ɣeyiɣi la ŋuti dɔ wɔm blibo’ ŋutɔŋutɔ. (Efesotɔwo 5:16) Wowɔ ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si nye takpekpe gbãtɔ le Albania ƒe ŋutinya me la le Tiranë fiadua me le Dukɔa ƒe Fefewɔƒe le Kwasiɖagbe, March 21 dzi. Memleɖagbe ɣetrɔ me la, Ðasefo lɔlɔ̃nufaadɔwɔla 75 va dzra takpeƒe ƒoɖi aɖe ɖo wòzu Takpexɔ kɔkɔe dzeani aɖe. Ewɔ nuku na teƒea dzikpɔlawo ŋutɔ. Eye enyo be míade dzesii be ame abe 20 ene koe xɔ nyɔnyrɔ̃ le lɔlɔ̃nufaadɔwɔla 75 siawo dome!
Yame ƒe nɔnɔme de ame dzi. Esi takpekpevala siwo tso ƒugodo va ɖo la, gbedonamewo—esiwo ƒe akpa gãtɔ nye asiʋuʋuwo kple asi kpakpla kɔ na ame nɔewo—wɔ ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ ma etɔxɛe ŋutɔ. Nɔviŋutsu Nasho Dori wu asi dzi do gbe ɖa tsɔ ʋu enui. Exɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe 1930 me eye megate ŋu kpɔa nu dea didiƒe fifia o. Woƒo nuƒoawo le Albaniagbe me, eye mɔɖela vevi siwo tso duta ƒo nuƒoawo ƒe akpa gãtɔ. Vavala 585 dzi hadzidzi “Kristotɔ ƒe Adzɔgbeɖeɖe”—hadzidzi ade siwo gɔme woɖe ɖe Albaniagbe me hena takpekpea la dometɔ ɖeka—esime nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu yeye 41 zɔ ɖo ta ta si nɔvi Helatɔ siwo va srã wo kpɔ la ɖe dɔmenyotɔe ɖe afima Fiaɖuƒe Akpata la gbɔ. Tɔtrɔ ka gbegbee nye si! Tsã la, Biblia ƒe amesinɔnɔ nana woléa ame ɖona ɖe kluvidɔwɔƒe, eye ame eve alo etɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo koe te ŋu kpea ta hena kpekpewo.
Fefewɔƒea dzikpɔla ƒo ka ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Dɔwɔƒe takpekpewɔgbea ƒe ŋufɔke. Zi geɖe la, metsɔa ɖeke le eme na amesiwo va zã fefewɔƒea fũ o. Ema nye eƒe kpeɖeŋutɔ ƒe dɔ. Gake egblɔ be: “Ðeko wòle be maƒo ka ada akpe na mi. Nyemekpɔ teƒe sia wònɔ dzadzɛ alea gbegbe kpɔ o. Ne maɖɔe la, magblɔ be ya aɖe ƒo tso dziƒo va to míaƒe fefewɔƒea etsɔ. Taflatse, miva ɣesiaɣi si miadi be miawɔ míaƒe teƒea ŋudɔ, eye míaxɔ miawo gbã. Mienyaa, le nyateƒe me la, ɖe wòle be mianɔ vavam ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe femaxee hafi.”
Ðasefo siwo xɔ ŋusẽdoame la tsɔ akpedada trɔ yi woƒe nɔƒewo eye wodze dzadzra ɖo na Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia gɔme. Le ŋkeke 15 pɛ ko megbe, le Braɖagbe, April 6 la, wowɔ Ŋkuɖodzia le teƒe adre zi gbãtɔ le gaglãgbe.
Le du si woyɔna be Berat me la, kpekpea valawo dzi ɖe edzi va ɖo abe ame 170 ene, eye wòku dzi na nutoa me subɔsubɔhanunɔla vevie. Fiaɖuƒe gbeƒãɖela 33 siwo le Berat la dometɔ 21 xɔ nyɔnyrɔ̃ le takpekpea me. Berat bu Ŋkuɖodzia vala 472 ƒe akɔnta. Ŋkuɖodziavalawo sɔ gbɔ le teƒe bubuwo hã nyuie le mɔɖela veviwo ƒe ŋgɔxɔxɔ nyui ta.
Le Shkodër si nye Albania-du si me Katolikotɔwo sɔ gbɔ ɖo wu, afisi sɔlemexɔgã aɖe le me la, sɔlemeha la dze ɣleti sia ɣleti ƒe nyadzɔdzɔlɛta aɖe ŋɔŋlɔ gɔme, eye eƒe tata ɖesiaɖe ƒo nu tso “Alesi Woaƒo Asa na Yehowa Ðasefowo” ŋu. Tata mamlea gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo xɔ Shkodër-dua”! Ðasefo eve ƒe aʋakɔ gã si le afima ƒo ame siwo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu eye wodi vevie be yewoasrɔ̃ nu la 74 nu ƒu hena Ŋkuɖodziaɖuɖu. Le Ŋkuɖodzinuƒoa sese vɔ megbe la, ƒome 15 bia be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kple yewo. Le du bubu si nye Durres, afisi Ðasefo ene ƒe aʋakɔ aɖe le me la, wokpɔ agbɔsɔsɔ wɔnuku si nye ame 79.
Le Katoliko sɔhɛ siwo gblɔna be yewoatsɔ kpe anyã Ðasefoawo ƒe tsitretsiɖeŋu ta la, wotrɔ Ŋkuɖodzikpekpe si woawɔ le todu si nye Kalmeti i Vogel me yi nɔviŋutsu ɖeka ƒe aƒeme, afisi ame 22 wodee le ŋutifafa me le. Gbeƒãɖela atɔ̃ siwo dometɔ etɔ̃ xɔ nyɔnyrɔ̃ le takpekpe si wowɔ le Tiranë la le ƒuƒoƒo sia me.
Ðekakpui eve xɔ Gbetakpɔxɔ le Vlorë, woxlẽe, eye woŋlɔ na Habɔbɔa be: “Míeyɔa mía ɖokui fifia be Yehowa Ðasefowo le nyateƒe si míesrɔ̃ le Gbetakpɔxɔ la me ta. Taflatse, miɖo ame ɖa wòava kpe ɖe mía ŋu.” Woɖo mɔɖela vevi eve ɖe afima, eye eteƒe medidi o ɖekakpui siawo dometɔ ɖeka dze be wòanye gbeƒãɖela. Dzi dzɔe be ye hã yele ame 64 siwo de Ŋkuɖodzia le Vlorë la dome.
Albania nɔviŋutsu aɖe si srɔ̃ nyateƒea le United States trɔ yi wo dedu si nye Gjirokastër me le ƒe 1950 ƒe ƒeawo me, afisi wòsubɔ le alesi wòate ŋui vaseɖe eƒe ku me. Eƒã nyateƒea ƒe nukuwo ɖe viaŋutsu ƒe dzi me. Esi woɖe asiɖoɖo dɔa dzi ɖa la, ŋutsuvi sia bia kpekpeɖeŋu tso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa gbɔ. Ðetsɔlemetɔ bubu si le du aɖe si le anyiehe gome ko la hã ŋlɔ agbalẽ tsɔ bia kpekpeɖeŋu, eyata woɖo mɔɖela vevi ene ɖe afima. Wo dometɔ ɖeka ƒo ka ɖo ɖe Habɔbɔa ƒe Dɔwɔƒe si le Tiranë esi woɖu Ŋkuɖodzia vɔ ƒe kuɖa ŋdi me be: “Nyemate ŋu agbe nusi gbegbe Yehowa ƒe gbɔgbɔ la wɔ la gbɔgblɔ na mi o. Míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Nuwo dze edzi edzi nyuie le Ŋkuɖodzia ɖuɖu me.” Ame 106 ye va, amesiwo dome woƒe Fiaɖuƒe gbeƒãɖela adreawo ƒe ƒuƒoƒoa le.
Ŋkuɖodzia valawo katã ƒe xexlẽme ɖe? Le 1992 me esime Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo nye ame 30 ko la, vavalawo nye ame 325. Le ƒe 1993 me la, gbeƒãɖela 131 ƒo vavala 1,318 nu ƒu. Le ƒe eveawo katã me la, vavalawo nye gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme teƒe ewo. Aleke gbegbe wòdo dzidzɔ na amee nye si be woakpɔe “ame suewo [nazu] akpe” le ɣeyiɣi kpui sia ko me!—Yesaya 60:22.
“Didi Wò Kawo Ðe Nu”
Esime Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa le ta kekem yi anyigba ƒe dzogoewo katã dzi la, yɔyɔ la yi be: “Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe nu, eye nahe wò agbadɔvɔ me, megahe asi ɖe megbe o! Didi wò kawo ɖe nu, eye naƒo wò tsyotiwo ɖe to! Elabena àkeke ɖe ɖusi kple mia me.” (Yesaya 54:2, 3) Takeke sia le Mawu ƒe ‘avɔgbadɔ gã’—si xexeame katã ƒe tadeagulawo ƒe hamea nye kpɔɖeŋu na—me dze ƒã le Ɣedzeƒe Europa, vevietɔ le dukɔ si nye Soviet Union tsã ƒe anyigbawo dzi. Esi Yehowa lé esubɔlawo ɖe te le esi wote wo ɖe anyi ƒe geɖe megbe vɔ la, ele ŋusẽ triakɔ si eƒe Ðasefowo hiã hena habɔbɔa ƒe takeke kple ŋusesẽ la dom wo fifia.
Ame gbogbotɔ kekeake si nye 23,743 de “Mawu ƒe Nufiafia” ƒe dukɔwo dome takpekpe ɖedzesi siwo wowɔ le ƒe si va yi me la le Moscow, Russia, le Locomotive Stadium tso July 22 vaseɖe 25 lia dzi. Amekae asusui, le ƒe eve siwo va yi gɔ̃ hã me be nusia ate ŋu adzɔ? Gake eyae nye ma dzɔ! Amesiwo wu 1,000 tso Japan kple Korea va, amesiwo de 4,000 kloe tso United States kple Canada, eye akpe bubu geɖe siwo tso Dziehe Pasifik, Afrika, Europa, kple teƒe bubuwo ƒe anyigba siwo wu 30 la dzi—enye Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe ƒe ɖekawɔwɔ vavã. Aleke gbegbe wòde dzi ƒo na amesiawo katã be woaƒo ƒu faa kple wo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Russiatɔ siwo wu 15,000 enye si! Wokpɔ dzidzɔ wògba go.
Ðasefo yeyewo ƒe agbɔsɔsɔ wɔnuku si nye 1,489 xɔ nyɔnyrɔ̃. Nyadzɔdzɔgblɔlawo ɖe gbeƒã nyɔnyrɔ̃xɔxɔa le xexeame godoo, hekpe ɖe eƒe foto dzeani aɖe si dze le The New York Times ƒe akpa dzi la ŋu. Togbɔ be asikpe nɔ ɖiɖim sesĩe le nyɔnyrɔ̃xɔɣia hã la, egaɖi sesĩe wu le nuƒo mamlea me, esime nuƒola la da akpe na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 4,752 kple dziɖuɖumegã siwo na kpekpeɖeŋu be takpekpea te ŋu kpɔ dzidzedze alea, eye wògblɔ be: “Ƒo wo katã ta la, míeda akpe na Yehowa!” Ẽ, Yehowa ƒe gbɔgbɔa xe mɔ na Orthodokstɔ subɔsubɔnyahelawo ƒe tsitretsiɖeŋu sesẽa eye wòdo ŋusẽ si hiã la wo esi wɔe be takpekpea te ŋu kpɔ dzidzedze wɔnuku aɖe.
Gake nu geɖe nɔ megbea gbɔna le Ukrainia-du si nye Kiev me tso August 5 vaseɖe 8 lia dzi. Le afisia hã la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo gbugbɔ dzra bɔlƒoƒea ɖo, eye Fiaɖuƒe Akpata gã sia xɔ vavalawo ƒe agbɔsɔsɔ gãtɔ kekeake si nye 64,714. Ðasefoawo tso Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe, kple xexeame ƒe afisiafi gava ake. Woɖe nuƒo veviwo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 12 me. Ele be woayi aɖakpe vavala 53,000 siwo ɖo yameʋu, keteke, alo ʋu, kple tɔdziʋuwo va la le ketekedzeƒewo, yameʋudzeƒewo, kple tɔdziʋudzeƒewo aku wo ayi woƒe dzeƒewo le amedzrodzeƒewo, sukuwo kple amewo ƒe aƒewo me. Wowɔ esiawo katã le mɔ si megblẽ ga o nu le ɖoɖowɔwɔ bɔbɔe si wɔa dɔ si wɔe be dua me kpovitɔwo ƒe nu ku eye wokafui la me.
Takpekpe lédziname sia ƒe ɖoɖoa va ɖo eƒe viviƒe le nyɔnyrɔ̃xɔxɔ si xɔ gaƒoƒo eve kple afa sɔŋ me. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu yeye siwo ƒe agbɔsɔsɔ nye 7,402 ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe dzi na Yehowa alea esime asikpe ɖi sesĩe gaɖi sesĩe le bɔlƒoƒe gã sia godoo. Esia de ŋgɔ wu nyɔnyrɔ̃xɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ gãtɔ kekeake si nye 7,136, esi wokpɔ esime takpekpevala 253,922 kpe ta le New York Dugã me le ƒe 1958 me.
Wole amesiwo ɖi alẽwo la nu ƒom ƒu tso Ɣedzeƒe, Ɣetoɖoƒe, kple “anyigba ƒe mlɔenu ke” ɖekae, esi nye ɖekawɔwɔ si tɔgbe ɖeke megasɔ kple le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me o. Vavãe, “ameha gã [aɖe] . . . tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” va le kpekpem ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ me Israel la ŋu le woƒe Yesu ƒe tafevɔsa xɔasi la, si nye nusianu si wowɔna hena Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli ƒe gɔmeɖoanyi la dzixɔse ɖeɖefia me.—Dɔwɔwɔwo 1:8; Nyaɖeɖefia 7:4, 9, 10.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]
Ɣedzeƒe wɔ ɖeka kple Ɣetoɖoƒe le Moscow kple Kiev