Yehowa Megblẽ Mí Ði Kpɔ O
ABE ALESI NASHO DORI GBLƆE ENE
Mbreshtan nye todzikɔƒe sue aɖe le Albania ƒe anyigbe si medidi tso Greece gbɔ o. Afimae wodzim ɖo le ƒe 1907 me. Medze Helagbe suku aɖe dede gɔme esi mexɔ ƒe atɔ̃, gake nye sukudede me va gblẽ esime Italia-srafowo va dze Albania dzi le Xexemeʋa I me. Esi aʋa la ke vɔ la, megayi nye sukudedea dzi, gake le Albaniagbe me.
TOGBƆ be dzinyelawo melé fɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋu tututu o hã la, wowɔa Albania Orthodɔks-ha la ƒe kɔnuwo. Nyruinye tsitsitɔ nye nunɔla le Mbreshtan, eyata mewɔ dɔ le ha la me eye nye ŋutɔ mekpɔ nusiwo yi edzi le afima. Woƒe kɔnuwo dze nu gbɔlowo eye woƒe alakpanuwɔwɔ ɖe fu nam vevie.
Dzinyelawo wɔ ɖe dekɔnu dzi hetia ɖetugbui aɖe nam be maɖe. Argjiro tso kɔƒe si nye Grabova si tsɔ mía gbɔ me eye míeɖe mía nɔewo le ƒe 1928 me esime wòxɔ ƒe 18.
Biblia me Nyateƒea Sɔsrɔ̃
Ɣemaɣi la, meto nyatoƒoe le Orthodɔks-ha la ŋu na ƒonyemetɔ aɖe si tso United States va míasrã ge kpɔ. Egblɔ be: “Le nye aƒe gbɔ le Amerika la, ƒuƒoƒo sue aɖe li si menye sɔlemeha o, gake wosrɔ̃a Biblia.” Biblia sɔsrɔ̃ sɔleme aɖeke me manɔmanɔ dzɔ dzi nam. Eyata mebiae be wòaɖo Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo ɖem.
Meŋlɔ dze si míeɖo be kura vaseɖe ƒe ɖeka megbe esime mexɔ nu bablɛ aɖe tso Milwaukee, Wisconsin. The Harp of God ƒe agbalẽ si le Albaniagbe me kple Helagbe me Gbetakpɔxɔ nɔ eme. Meto agbalẽa me dzradzradzra eye mekpɔ be woƒo nu tso ha vavãtɔ ŋu. Nya ma tɔtɔm ŋutɔ. Megblɔ na ɖokuinye be ‘nyemedi be manɔ naneke me kple sɔlemeha aɖeke o.’ Eyata nyemexlẽ agbalẽa nyuie o.
Mege ɖe asrafodɔ me le ƒe 1929 me eye woɖom ɖe Tiranë, Albania ƒe fiadu la me. Medo go Stathi Muçi le afima wònɔ Helagbe me Biblia xlẽm. Mebiae be: “Èdea sɔlemea?” Eɖo eŋu be: “Ao. Medo le ha la me. Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃vie menye.” Mía kple asrafo bubu míekplɔ Stathi ɖo yi kpekpe aɖe le Kwasiɖagbe. Mesee le afima be menye xɔ alo sɔlemehae subɔsubɔha vavãtɔ nye o, ke Kristo ƒe dɔla amesiaminawoe wonye. Mese nya si The Harp of God gblɔ gɔme azɔ.
Nasho Idrizi kple Spiro Vruho tso United States gbɔ va Albania le ƒe 1920 titina eye wonɔ Biblia me nyateƒe si wosrɔ̃ le afima la gblɔm. Medze kpekpewo dede gɔme kple Biblia Nusrɔ̃vi ʋee aɖewo le Tiranë. Meva kpɔe kɔte emegbe kpuie be meke ɖe Yehowa ƒe habɔbɔ la ŋu. Eyata le August 4, 1930 dzi la, mexɔ nyɔnyrɔ̃ le tɔsisi aɖe si tsɔ afima me.
Emegbe metrɔ yi Mbreshtan be mayi nye afɔkpawɔdɔa dzi. Gake vevietɔ wu la, menɔ Biblia me nyateƒe si mesrɔ̃ hã gblɔm na ame bubuwo. Megblɔna na wo be: “Yesu Kristo mele abe nɔnɔmetata siwo le gbedoxɔa me ene o. Ele agbe!”
Gbeƒãɖeɖe Togbɔ be Yometiti Li Hã
Ahmed Bey Zogu va zi dzi le ƒe 1925 me, ewɔ eɖokui Fia Zog I le ƒe 1928 me, eye wòɖu dzi vaseɖe ƒe 1939 me. Eƒe dziɖuɖumegã si kpɔa amegbetɔ ƒe gomenɔamesinyawo gbɔ ɖe mɔ ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔa ŋu. Gake míedo go kuxiwo. Nusitae nye kadodo kplikplikpli nɔ Musa Juka, dziɖuɖumegã si kpɔa dukɔmenyawo gbɔ, kple papa la dome le Roma. Juka ɖe gbe be subɔsubɔha etɔ̃ ŋu koe woaɖe mɔ ɖo—Moslem, Orthodɔks, kple Roma Katoliko-ha. Kpovitɔwo dze agbagba be yewoaxɔ míaƒe agbalẽwo ahatɔ te míaƒe gbeƒãɖeɖe, gake medze edzi na wo o.
Mede Berat si nye dugã le Albania, afisi Mihal Sveci nɔ hekpɔ míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le la edziedzi le ƒe 1930-awo me. Míewɔ ɖoɖo ɖe tsaɖigbeƒãɖeɖe ŋu kpe dukɔ bliboa ɖo. Ɣeaɖeɣi la, woɖom ɖe Shkodër kwasiɖa eve, eye mena agbalẽ geɖe. Le ƒe 1935 me la, míenɔ ƒuƒoƒo aɖe me da ʋu va ɖe gbeƒã le Këlcyrë. Emegbe míewɔ ɖoɖo ɖe tsaɖigbeƒãɖeɖe si lolo wu ŋu le Albania be míayi Përmet, Leskovik, Ersekë, Korçë, Pogradec, kple Elbasan. Míewu tsaɖigbeƒãɖeɖea nu le Tiranë ɖe game dzi va ɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia.
Gbɔgbɔmenuɖuɖu si míexɔna wɔe be míesẽ ŋu le gbɔgbɔ me, eyata míese le mía ɖokui me kpɔ be wogblẽ mí ɖi o. Mexɔ Helagbe me Gbetakpɔxɔ edziedzi tso ƒe 1930 vaseɖe 1939 me. Nye taɖodzinu hãe nye be maxlẽ Biblia gaƒoƒo ɖeka ya teti gbesiagbe, eye mexlẽe abe ƒe 60 ene hafi meva tsi ŋku. Nyitsɔ laa koe wowɔ Biblia bliboa ɖe Albaniagbe me, eyata edzɔ dzi nam be mesrɔ̃ Helagbe le ɖevime. Albaniatɔ Ðasefo bubuwo hã srɔ̃ Helagbe xexlẽ ɣemaɣi ale be woawo hã nate ŋu axlẽ Biblia bliboa.
Argjiro xɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe 1938 me. Kaka ƒe 1939 naɖo la, míedzi mía vi ewoawo dometɔ adre. Nublanuitɔe la, mía vi adre gbãtɔawo dometɔ etɔ̃ ku le woƒe ɖevime.
Nɔnɔme Sesẽwo Le Xexemeʋa II Me
Le April 1939 me, do ŋgɔ vie hafi Xexemeʋa II nadze egɔme la, Italia Fasi-srafowo va dze Albania dzi. Emegbe kpuie la, woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ dzi, gake míaƒe ƒuƒoƒo sue si me Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo ade 50 nɔ la yi edzi ɖe gbeƒã. Woxɔ míaƒe agbalẽ kple agbalẽvi siwo ade 15,000 eye wogblẽ wo le Xexemeʋa II me.
Jani Komino tu nudzraɖoƒe gã aɖe ɖe eƒe aƒea ŋu si me míedea agbalẽwoe. Esi Italia-srafowo se be United States ye wotaa agbalẽawo le la, wotɔtɔ. Wogblɔ be: “Ameŋugblẽlawoe mienye! United States tsi tre ɖe Italia ŋu!” Wolé nɔviŋutsu Thomai kple Vasili Cama siwo nye ɖekakpui dovevienuwo eye esi wose be Komino gbɔe agbalẽ siwo mãm wole tso la, wolé eya hã. Eteƒe medidi o kpovitɔwo yɔm be woabia gbem.
Wobiam be: “Ènya ŋutsu siawoa?“
Meɖo eŋu be: “Ẽ.”
“Èwɔa dɔ kple woa?”
Meɖo eŋu be: “Ẽ. Yehowa Ðasefowoe míenye. Míetsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu o. Míedea akpa aɖeke dzi o.”
“Ðe nèmãa agbalẽ siawoa?”
Esi meɖo eŋu be ẽ la, wode ga alɔnu nam eye wodem gaxɔ me le July 6, 1940 dzi. Meva kpe ɖe ame atɔ̃ bubu siwo tso míaƒe kɔƒea me ŋu le afima—Josef Kaci, Llukan Barko, Jani Komino, kple Cama kpakple nɔviaŋutsu. Míedo go Ðasefo etɔ̃ bubu le gaxɔa me—Gori Naçi, Nikodhim Shyti, kple Leonidas Pope. Wote mí ame asiekeawo katã ɖe gaxɔ si ƒe kekeme kple didime nye meta 1.8 kple 3.7 la me!
Ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, wode kɔsɔkɔsɔ mí katã kpe hekplɔ mí yi Përmet-dugã la me. Ɣleti etɔ̃ megbe la, woɖe mí yi Tiranë ƒe gaxɔ me eye wozi mía dzi ɣleti enyi bubu nyamadrɔ̃madrɔ̃ na mí.
Mlɔeba wohe mí yi asrafoʋɔnui. Wode mía kple nɔviŋutsu Shyti mɔ ɣleti 27, Nɔviŋutsu Komino ɣleti 24, eye woɖe asi le ame mamleawo ŋu le ɣleti 10 megbe. Woɖe mí yi Gjirokastër-gaxɔ me eye Nɔviŋutsu Gole Flloko wɔe woɖe asi le mía ŋu le ƒe 1943 me. Emegbe míaƒe ƒomea va nɔ Përmet-dugã la me, eye mezu hame suea dzi kpɔla le afima.
Togbɔ be woɖo asi míaƒe dɔa dzi eye Xexemeʋa II fe ati le dukɔ siwo ƒo xlã mí me hã la, míeyi edzi wɔ nusi míate ŋui be míawɔ míaƒe dɔ si nye be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe gbedasia. (Mateo 24:14) Wode Ðasefo 15 gaxɔ me le ƒe 1944 me. Gake le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, míekpɔe be Yehowa gblẽ mí ɖi kpɔ o.
Wodo Mí Kpɔ le Akpaɖekedzimadenya la Me
Togbɔ be aʋa la ke le ƒe 1945 me hã la, míaƒe nɔnɔme sesẽa yi edzi eye wòsẽ ɖe edzi wu gɔ̃ hã. Wozi amewo dzi be woada akɔ le December 2, 1946 ƒe ametiatia me. Ne ame aɖe ka tse gbe la, wobunɛ Dziɖuɖua ƒe futɔe. Míaƒe hame si le Përmet me tɔwo va nɔ biayem be, “Nuka wòle be míawɔ?”
Meɖo eŋu be: “Ðe mieɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la, anye ne miabia nusi miawɔ lam o. Mia ŋutɔwo mienya xoxo be Yehowa ƒe amewo medea akpa aɖeke dzi o. Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o.”—Yohanes 17:16.
Ametiagbea ɖo eye dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔwo va mía ƒeme. Wodze egɔme bɔkɔɔ be, “Oo, miwɔ kɔfi kplu ɖeka vɛ na mí ne míaɖo dze. Mienya nusi wɔgbee nye egbea?”
Meɖo eŋu be: “Ẽ, egbee nye ametiagbe.”
Amegã ɖeka gblɔ be: “Ke afɔ netsɔ na mi ne menye nenema o la, miatsi megbe.”
Meɖo eŋu be: “Ao, nyemeɖo yiyi o. Yehowae míeda akɔ na.”
“Enyo, ke miva da akɔ na dunyaheha siwo tsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu.”
Meɖe eme be Yehowa Ðasefowo medea akpa aɖeke dzi kura o. Esi wova nya akpa si míele nyuie la, woƒo nya ɖe mía nu vevie wu tsã. Wode se na mí be míadzudzɔ míaƒe kpekpewo wɔwɔ, eyata míeva nɔ ta kpem le adzame.
Míetrɔ Yi Aƒe le Kɔƒe Me
Mía kple nye ƒomea míetrɔ yi Mbreshtan le ƒe 1947 me. Emegbe kpuie le December ƒe ŋdɔ aɖe si avuvɔ nɔ wɔwɔm la, woyɔm yi Sigurimi (adzamekpovitɔwo) ƒe dɔwɔƒe. Amegã la bia be: “Ènya nusita meɖo ame ɖe wòa?”
Meɖo eŋu be: “Mebu be le esi nèse nutsotsowo tso ŋunye tae. Gake Biblia gblɔ be xexeame alé fu mí, eyata nutsotsowo mewɔa nuku nam o.”—Yohanes 15:18, 19.
Eblu be: “Mègagblɔ Biblia ŋu nya nam o. Mele ƒowò ge vevie.”
Amegã la kple eŋumewo dzo gake egblɔ nam be matsi tre ɖe fafagbe. Sẽ la, egayɔm ɖe eƒe dɔwɔƒe eye wòde se nam be magawɔ kpekpewo le mía ƒeme azɔ o. Ebia be: “Ame nenie le miaƒe kɔƒea me?”
Megblɔ be: “Ame alafa ɖeka blaeve.”
“Ha ka mee wole?”
“Albania Orthodɔks.”
“Ke wò ya ɖe?”
“Yehowa Ðasefoe menye.”
“Ame alafa ɖeka blaeve le mɔ ɖeka dzi eye wò ya nèle bubu dzia?” Azɔ eɖe gbe nam be masi bosomikaɖi le sɔlemexɔ me. Esi megblɔ be nyemawɔe o la, etsɔ ga aɖe hede asi nye ƒoƒo me. Anye fɔŋli ga ɖeka hafi woɖe asi le ŋunye mlɔeba.
Agbalẽwo ƒe Vava Nu Tso
Esi Xexemeʋa II ke vɔ la, míegadze Gbetakpɔxɔ xɔxɔ gɔme to posu me, gake va ɖo afi aɖe la, womegaɖoa magazineawo ɖe mí o. Ke gbeɖeka ƒe zã ga ewo me la, adzamekpovitɔwo ɖo du ɖem. Wogblɔ nam be: “Helagbe me magazine aɖe va ɖo eye míadi be nàɖe nusi ŋu wòku ɖo me na mí.”
Megblɔ be: “Nyemese Helagbe tututu o. Nye aƒelika see wum. Ðewohĩ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu.”
Amegã ɖeka ɖe Helagbe me Gbetakpɔxɔ aɖewo ɖe go hegblɔ be: “Ao, wòe míedi be nàɖe eme.”
Medo ɣli be: “Tɔnyee! Nyateƒee, mate ŋu aɖe eme. Mienyaa, Brooklyn, New York, ye magazine siawo tso. Afimae Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe gã le. Yehowa Ðasefoe menye. Gake ewɔ nam be vodadae wowɔ le adrɛs la me. Menye miawoe wòle be woaɖo magazine siawo ɖe o, nyee wòle be woaɖo wo ɖe hafi.”
Wometsɔ magazineawo nam o, eye tso ɣemaɣi vaseɖe ƒe 1991, si wu ƒe 40 sɔŋ megbe la, míexɔ Biblia-srɔ̃gbale aɖeke le Albania o. Míeyi edzi ɖe gbeƒã le ƒe mawo katã me, eye míaƒe Bibliawo koe míezãna. Ðasefo siwo ade 20 nɔ gaxɔ me le ƒe 1949 me; wode ɖewo mɔ ƒe atɔ̃.
Nɔnɔmeawo Sesẽ Ðe Dzi
Le ƒe 1950-awo me la, wode se na amewo be agbalẽviwo nanɔ wo ŋu woatsɔ aɖee fia be yewode asrafoawo dzi. Gake Yehowa Ðasefowo gbe agbalẽvi mawo tsɔtsɔ. Esia ta mía kple Nɔviŋutsu Komino míeganɔ mɔ ɣleti eve bubu.
Ablɔɖe vi aɖe nɔ mía si le ɣeyiɣi si me Dziɖuɖua ɖe mɔ ɖe subɔsubɔha aɖewo ŋu. Gake woɖo asi subɔsubɔhawo katã dzi le ƒe 1967 me, si na Albania zu dukɔ maxɔmawudzise le dziɖuɖua ƒe se nu. Ðasefoawo yi edzi dze agbagba wɔ kpekpewo, gake ewɔwɔ va sesẽ ŋutɔ. Mí ame aɖewo míetɔ kotoku tɔxɛ aɖe ɖe míaƒe dziwui me ale be míate ŋu aɣla Biblia sue aɖe ɖe eme. Emegbe míeyia agble aɖe dzi va xlẽnɛ.
Wolé Ðasefo siwo le Tiranë eye wode wo dometɔ etɔ̃ mɔ ƒe atɔ̃ le saɖagagaxɔ siwo me wowɔa dɔ sesẽ le. Esia na woƒe ƒomewo kpe fu vevie. Womekplɔ mí amesiwo tso saɖagakɔƒe suewo me dzoe o elabena womebui be ŋɔdzi le mía ŋu boo o. Gake míaƒe akpaɖekedzimademade na woɖe míaƒe ŋkɔwo le amesiwo dze axɔ nuɖuɖu la dome. Esia wɔe be agbenɔnɔ sesẽ ŋutɔ. Hekpe ɖe eŋu la, mía vi eve bubu gaku. Gake míese le mía ɖokui me kpɔ be Yehowa gblẽ mí ɖi o.
Vɔvɔ̃ nɔ Albania katã. Ŋku nɔ amesiame ŋu, eye adzamekpovitɔwo ŋlɔ nu tso amesiame si te kpɔ gblɔ nya aɖe wòto vovo na dunyaheha si nɔ dzi ɖum tɔ la ŋu. Eyata míeɖɔ ŋu ɖo vevie le nuŋɔŋlɔ tso míaƒe dɔwɔna ŋu me. Míete ŋu kpea ta wòwua ame eve alo etɔ̃ xɔa gbɔgbɔ me dzideƒo o. Gake míedzudzɔ gbeƒãɖeɖe o.
Le agbagbadzedze me be woade tɔtɔ nɔviawo dome la, adzamekpovitɔwo kaka aʋatsonya sia be ŋkutsalae Ðasefo xɔŋkɔ si le Tiranë la nye. Esia ɖe dzi le ame aɖewo ƒo eye wògblẽ míaƒe ɖekawɔwɔ me vie. Esi Biblia-srɔ̃gbalẽ yeye aɖeke menɔ mía si o eye kadodo meganɔ mía kple Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna dome o ta la, vɔvɔ̃ ɖu ame ʋee aɖewo dzi.
Azɔ hã amegãwo kaka aʋatsonya sia be Spiro Vruho, Kristotɔ hamemegã, si ŋu wodea bubui vevie le Albania la wu eɖokui. Wogblɔ be: “Miekpɔea, Vruho gɔ̃ hã na ta.” Eva dze ƒã emegbe be ɖe wowu Nɔviŋutsu Vruho.
Le ƒe 1975 me la, mía kple Argjiro míenɔ mía viŋutsu Tiranë gbɔ ɣleti ʋee aɖewo. Dziɖuɖumegãwo ƒo nya ɖe mía nu le ametiaɣia hedo ŋɔdzi na mí be: “Ne mieda akɔ o la, míaxɔ dɔ le mía viŋutsua si.”
Meɖo eŋu be: “Ƒe 25 sɔŋ enye sia vinyeŋutsua wɔ eƒe dɔa. Eya kple eƒe ƒomea ŋuti nuŋlɔɖiwo le mia si pɛpɛpɛ. Nyemeda akɔ o ƒe 40 kple vɔe nye sia. Dɔwɔlawo ƒe nuŋlɔɖiwo mee nya siawo nɔna. Ne mele eme o la, ke miaƒe nuŋlɔɖiwo mele ɖoɖo nu o. Ne ele miaƒe nuŋlɔɖiwo me la, ke mieɖi anukware na dunyaheha la o elabena mieɖe mɔ nɛ wòwɔ dɔ ƒe gbogbo ma.” Esi amegãwo se nya sia la, wogblɔ be ne míetrɔ yi Mbreshtan la yewomagafɔ nya la ake o.
Tɔtrɔ Kpatawo
Míeʋu tso Mbreshtan yi Laç-dugã la me le ƒe 1983 me. Emegbe kpuie le ƒe 1985 me la, ŋutasẽdziɖula la ku. Eɖu dzi tso dzizizi ƒe ametiatia gbãtɔ mawo wɔɣi le ƒe 1946 me ke. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wogbã eƒe kpetata si xɔ Tiranë ƒe ablɔgã dzi kple Stalin tɔ ƒu anyi.
Le ƒe bla nane siwo me woɖo asi míaƒe dɔa dzi me la, wosẽ ŋuta le Ðasefo geɖe ŋu, eye wowu wo dometɔ aɖewo. Ŋutsu aɖe gblɔ na Ðasefo aɖewo le ablɔdzi be: “Mí katã míegbe Mawu le Kɔmiunistɔwo ƒe ɣeyiɣia me. Yehowa Ðasefowo koe wɔ nuteƒe nɛ togbɔ be dodokpɔwo kple nɔnɔme sesẽwo va wo dzi gake.”
Esi wona ablɔɖe geɖe wu mí la, ame asieke bu akɔnta le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu le June 1991 me. Le June 1992 me, ɣleti ɖeka le asiɖoɖo dɔa dzi ɖeɖeɖa megbe la, ame 56 kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Míekpɔ dzidzɔ gbɔ eme le ƒe ma ƒe gɔmedzedze be ame 325 va Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Tso ɣemaɣi la, gbeƒãɖelawo dzi ɖe edzi wu 600, eye ame 3,491 ye va Ŋkuɖodzia le April 14, 1995 dzi! Enye dzidzɔ manyagblɔ aɖe nam le ƒe siawo me be mekpɔe be sɔhɛ geɖe le míaƒe hamea me vam.
Argjiro lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa eye ewɔ nuteƒe nam le ƒe gbogbo siawo katã me. Esi menɔ gaxɔ me alo esi menɔ mɔ zɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me la, etsɔ lɔlɔ̃ kpɔ míaƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ nyatoƒoematomatoe. Mía viŋutsu ɖeka kple srɔ̃a xɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe 1993 me. Ema do dzidzɔ na mí ŋutɔ.
Na Mawu ƒe Fiaɖuƒea Ðeka Ko
Dzi dzɔam ne mekpɔ alesi gbegbe Yehowa ƒe habɔbɔ si le Albania wɔ ɖeka hele dzidzedze kpɔm le gbɔgbɔ me. Mesena le ɖokuinye me abe Simeon tsitsi si nɔ Yerusalem ene, amesi hafi wòaku la, wona mɔnukpɔkpɔ xɔasii be wòkpɔ Mesia si ŋugbe wodo gbaɖegbe ke la. (Luka 2:30, 31) Fifia ne wobiam be dziɖuɖu ka ƒomevii medi hã la, megblɔna be: “Kɔmiunist alo dukɔ si me dukɔmeviwo tsaa asi le wo ɖokui sie o, nyemedi wo o. Dumeviwo alo Dziɖuɖua tɔe nye anyigba o, ema mele vevie o. Dziɖuɖuwo doa mɔwo, wohea elektrik-ŋusẽ yia kɔƒe didiwo me, eye wona ɖoɖo nɔa anyi vaseɖe afi aɖe. Gake Yehowa ƒe dziɖuɖu, eƒe Dziƒofiaɖuƒea, koe akpɔ kuxi sesẽ siwo Albania kple xexeame katã dze ŋgɔe la gbɔ.”
Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm Mawu subɔlawo le le xexeame katã la menye amegbetɔ aɖeke ƒe dɔ o. Mawu ƒe dɔe. Esubɔlawoe míenye. Togbɔ be míeto kuxi geɖe me le Albania eye wotso mía kple Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna dome ɣeyiɣi didi aɖe hã la, megblẽ mí ɖi kpɔ o. Eƒe gbɔgbɔ nɔ afisia ɣesiaɣi. Edzɔ mía ŋu le afɔ ɖesiaɖe si míeɖe le mɔ dzi me. Mekpɔ esia le nye agbe me katã.