Xexe si me Aʋawɔwɔ Mele O Ava—Kpuie!
LE DECEMBER 24, 1914 dzi la, Britania-srafo aɖe si ŋkɔe nye Jim Prince to anyigba si menye dukɔ aɖeke tɔ o dzi va ƒo nu kple Germania-srafo aɖe. Germaniatɔ la biae be: “Menye Saxontɔ. Anglo-Saxontɔe nènye. Nukatae míawɔ aʋa ɖo?” Prince ʋu eme le ƒe geɖe megbe be: “Nyemenya nyabiabia ma ƒe ŋuɖoɖo vaseɖe fifia o.”
Le kwasiɖa ɖeka aɖe si ɖe dzesi le ƒe 1914 me la, Britania- kple Germania-srafowo wɔ nɔvi, woƒo bɔl, eye wona Kristmasnuwo wo nɔewo gɔ̃ hã. Le nyateƒe me la, menye woƒe asrafomegãwoe wɔ ɖoɖo ɖe ɣeyiɣi kpui ƒe ŋutifafa sia ŋu o. Asrafomegãwo medi be yewoƒe asrafowo nanyae be menye “futɔ” lae nye ŋɔdzinu vɔ̃ɖi si ŋu aʋaŋutinya siwo kaka ɖi ƒo nu tsoe o. Britania-srafo Albert Moren gblɔ emegbe be: “Ðe ŋutifafa ma yi edzi kwasiɖa eve la, ne asesẽ ŋutɔ be woagadze aʋa la wɔwɔ gɔme ake.”
Ŋutifafa ma si va le eɖokui si la fia be asrafo geɖe siwo wona hehee gɔ̃ hã le mɔ kpɔm na ŋutifafa wu aʋawɔwɔ. Asrafo siwo kpɔ aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi teƒe la alɔ̃ ɖe Spaniatɔwo ƒe lododo sia dzi be: “Mina amesi menya nusi aʋawɔwɔ nye o nayi aʋa.” Ðikeke mele eme o be numekuku si wowɔ le xexeame katã tsɔ bia amewo ƒe nukpɔsusui la aɖee afia be ame geɖe ŋutɔ di ŋutifafa wu aʋawɔwɔ. Gake aleke woawɔ ana xexeame katã ƒe ŋutifafa didi nazu xexe si me aʋawɔwɔ mele o ŋutɔŋutɔ?
Hafi woate ŋu atsi aʋawɔwɔ nu la, ele be amewo ƒe nɔnɔme natrɔ. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔa si kpɔa Agbalẽsrɔ̃nyawo, Dzɔdzɔmeŋutinya, kple Dekɔnunyawo Gbɔ ƒe dukplɔsea gblɔ be: “Esi wònye aʋawɔwɔwo dzea egɔme le amewo ƒe susu me ta la, amewo ƒe susu mee wòle be woatu ŋutifafa taʋiʋli ɖo.” Gake nuvlowɔwɔ le dzidzim ɖe edzi wu le amegbetɔƒome si li fifia si me makamakaɖeamedzi kple fuléle bɔ ɖo la dome, ke menye ŋutifafa o.
Gake Mawu ŋutɔ do ŋugbe be yeaƒã ŋutifafa ɖe amesiwo dia dzɔdzɔenyenye la ƒe susu me gbeɖeka. Egblɔ to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “[Mawu] adrɔ̃ ʋɔnu na nyigba dzi dukɔwo, eye wòatso nya me na dukɔ geɖewo; woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o.”—Yesaya 2:4.
Ŋutifafa Dodo Ðe Ŋgɔ le Susua Me
Ðe tamesusu ƒe tɔtrɔ ɖedzesi sia ate ŋu ava emea? Ðe amewo asrɔ̃ ŋutifafawɔwɔ wu be woakafu aʋawɔwɔa? Bu Wolfgang Kusserow ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Le ƒe 1942 me la, Nazitɔwo tso ta le Germaniatɔ sia si xɔ ƒe 20 la nu le esi wògbe be ‘yemasrɔ̃ aʋawɔwɔ o’ ta. Nukatae wòtiae be yeaku ɖo? Le nya si wòŋlɔ ɖi me la, eyɔ Ŋɔŋlɔa me gɔmeɖosewo abe “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene” kple “Amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe” ene. (Mateo 22:39; 26:52) Ebia kã azɔ be: “Atiwoe mía Wɔla na woŋlɔ nusiawo katã ɖi naa?”
Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi le Biblia me la “sẽa ŋu” eye wòʋã Yehowa ƒe Ðasefo sɔhɛ sia be wòati ŋutifafa yome eɖanye nuka kee ado tso eme o. (Hebritɔwo 4:12; Petro I, 3:11) Gake menye Wolfgang Kusserow ɖeɖekoe to mɔ sia dzi ti ŋutifafa yome o. J. S. Conway ƒo nu tso Nazitɔwo ƒe nuŋlɔɖi siwo ɖi ɖase be Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo bliboa gbe aʋawɔwɔ le agbalẽ si nye The Nazi Persecution of the Churches 1933-45 me. Conway ɖee fia be tenɔnɔ dzideƒotɔe sia fia woa ŋutɔwo ƒe kpeɖoɖo woƒe ku dzi.
Egbea Yehowa Ðasefowo yi edzi le ŋutifafa yome tim eɖanye ameƒomevi alo dukɔ ka me tɔe wonye o. Nukatae? Elabena wosrɔ̃e le Biblia me be ele be Mawu subɔla vavãwo natsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe. Alejandro si nye Argentinatɔ ɖekakpui aɖe si ʋu yi Israel le ƒe 1987 me la ŋutɔ ate ŋu aɖi ɖase le nyateƒenya sia ŋu.
Alejandro nɔ Israeltɔwo dome ƒe etɔ̃ esime wònɔ nu srɔ̃m le yunivɛsiti eye wònɔ dɔ wɔm le amedzrodzeƒe kple ahanoƒe vovovowo. Le ɣeyiɣi ma me la, edze Biblia la xexlẽ gɔme henɔ taɖodzinu si le agbe ŋu dim. Ƒo ye katã ta la, edi be xexe aɖe si me amewo ate ŋu anɔ anyi le ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye me nava. Alejandro—Yudatɔ la—wɔ dɔ kple Yuda- kple Arabiatɔwo gake mede akpa aɖeke dzi o.
Le ƒe 1990 me la, exɔlɔ̃ aɖe si nɔ nu srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo kpe Alejandro yi ŋkeke ɖeka takpekpe le Haifa. Alesi Yuda- kple Arabtɔ 600 wɔ ɖeka le takpekpea mee la wɔ nuku nɛ wògblɔ le eɖokui me be, ‘Mɔ nyuitɔ si nu wòle be amewo nanɔ agbe ɖo lae nye sia.’ Eya hã va zu Ðasefo le ɣleti ade megbe eye ezãa eƒe ɣeyiɣi ƒe akpa gãtɔ fifia le gbeƒãɖeɖe Biblia ƒe ŋutifafa gbedasia me.
Alesi Mawu Ahe Ŋutifafa Vɛ
Kpɔɖeŋu siawo ʋãa ame ya, gake mebɔ le egbe ƒe xexeame o. Togbɔ be fifi nuɖoanyia ƒoa nu tsoa ŋutifafa ŋu zi geɖe hã la, edoa aʋawɔwɔ ɖe ŋgɔ. Ðe nàdi be yeanɔ nuto aɖe si me tɔwo zãa ga si wokpɔna ƒe memamã 7 vaseɖe 16 le alafa me ɖe tuwo kple woƒe aƒewo ta kpɔkpɔ ŋu la mea? Nusia tututue dukɔwo le wɔwɔm to ga si wogblẽna ɖe asrafonyawo ŋu me le nyitsɔ laa ƒe ƒewo me. Mewɔ nuku o be Yesaya ƒe nyagblɔɖia ɖee fia be ameƒome bliboa me tɔwo katã matsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe o vaseɖe esime Mawu ‘nadrɔ̃ ʋɔnu na ame geɖewo hafi.’ Aleke wòawɔ emae?
Nusi dzi woato aɖɔ nɔnɔmewo ɖoe nye Yehowa Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi be ‘dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o.’ Egblɔ kpe ɖe eŋu be Fiaɖuƒe sia “agbã fiaɖuƒe mawo [xexeamedziɖuɖuwo] katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Nya siawo fia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖu anyigba bliboa katã dzi kple ŋusẽ. Fiaɖuƒea ato dukɔwo dome liƒowo ɖeɖeɖa me ana hoʋiʋliwo nazu tsigãdzinu. Azɔ hã esi wònye eteviwo anye “Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo” ta la, woƒe ŋutifafa “asɔ gbɔ.” (Yesaya 54:13) Eyatae Yesu gblɔ na mí be míado gbe ɖa abia Mawu be: “Wò fiaɖuƒe nava.”—Mateo 6:10.
Mawusubɔsubɔ ƒe Kplamatsedodowo Ðeɖeɖa
Mawu aɖe mawusubɔsubɔ ƒe kplamatsedodo ŋutifafa hã ɖa. Subɔsubɔhawoe he aʋa si nɔ anyi ɣeyiɣi didi wu le ŋutinya me vɛ—si nye Krusadeʋawo, alo “Aʋa Kɔkɔewo,” si Papa Urban II ɖo anyi le ƒe 1095 M.Ŋ. me.a Subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo xɔ ŋkɔ le míaƒe ƒe alafa sia me esime wode dzi ƒo na amewo be woade aʋawɔwɔwo dzi, ne xexemetɔwo ƒe aʋawɔwɔe wònye gɔ̃ hã.
Esi ŋutinyaŋlɔla Paul Johnson nɔ nu ƒom tso nusi sɔlemeha siwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo wɔ ŋu la, eŋlɔ bena: “Subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo mete ŋu tsɔ Kristotɔ ƒe xɔse ɖo nɔƒe gbãtɔ na dukɔmevinyahehe o, eye wo dometɔ akpa gãtɔ melɔ̃ be yewoawɔ nenema o. Wo dometɔ akpa gãtɔ to mɔ bɔbɔe dzi tsɔ Kristotɔnyenye sɔ kple dulɔlɔ̃. Wode dzi ƒo na Kristotɔ siwo nye asrafo siwo le teƒe bubuwo katã be woawu wo nɔewo le woƒe Xɔla ƒe ŋkɔ me.”
Subɔsubɔhawo dze agbagba geɖe le dzodede aʋawɔwɔ me wu ŋutifafawɔwɔ. Biblia yɔ alakpasubɔsubɔha be enye “gbolo” si ƒoa nya ɖe xexemedziɖulawo nu. (Nyaɖeɖefia 17:1, 2) Mawu bu fɔe ɖe amesiwo katã wowu le anyigba dzi ƒe ʋu si wokɔ ɖi ta. (Nyaɖeɖefia 18:24) Eyata Yehowa Mawu aɖe nusia si doa kplamatse ŋutifafa la ɖa zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu.—Nyaɖeɖefia 18:4, 5, 8.
Ne dunyahehe kple alakpasubɔsubɔ si hea mamã vɛ megali o hã la, ŋutifafa manɔ anyi dedie ne womeɖe aʋadɔla gãtɔ kekeake—Satana Abosam—ɖa o. Emae nye dɔ mamletɔ si Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ le eƒe ŋutifafa hehe vɛ ƒe ɖoɖoa me. Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia la ɖe eme be ‘woalé’ Satana eye ‘woablae’ ahatsɔe ‘aƒu gbe ɖe aʋli me’ be “wòagable dukɔwo o.” Emegbe woatsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ.—Nyaɖeɖefia 20:2, 3, 10.
Aʋawɔwɔ hehe va nuwuwui ƒe ŋugbe si Biblia do la menye drɔ̃e aɖe ko o. Yehowa Mawu wɔ ɖoɖo ɖe ŋutifafa hehe vɛ ŋu xoxo. Woɖo eƒe Fiaɖuƒea anyi le dziƒo eye wòle klalo be wòahe ŋutifafa va anyigba la katã dzi. Fifia la, Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe siwo le megbe na dziƒodziɖuɖu sia la srɔ̃ alesi woanɔ anyi le ŋutifafa me.
Eyata susu nyuiwo li si ta míaxɔ ase be aʋawɔwɔ menye nusi nu womate ŋu atsi o. Míate ŋu ayi edzi anɔ mɔ kpɔm na ŋkeke si tu aƒe si me Yehowa ana aʋawɔwɔ nu natsi tegbee. (Psalmo 46:10) Akpɔ egbɔ be xexe si me aʋawɔwɔ mele o nava kpuie.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ŋutɔ wɔa aʋa ɣeaɖewoɣi. Le Britania-ʋa (1066) me la, Katoliko-bisiɔp Odo ɖe eƒe gomekpɔkpɔ le eme bliboe fia to kpo si wòlé ɖe asi ɖe yi teƒe. Egblɔ be ne Mawu ƒe ame mekɔ ʋu ɖi o ko la, ate ŋu awu ame wòanɔ se nu. Ƒe alafa atɔ̃ megbe la, Papatenɔla Ximenes ŋutɔ nɔ ŋgɔ na Spaniatɔwo wova dze Anyiehe Afrika dzi.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Àte ŋu anɔ agbe le xexe yeye si me aʋawɔwɔ mele o me