INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 1/15 axa 31
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Enye Tsyɔ̃eviwo Fofo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Miɖe Ðetsɔleme Kple Lɔlɔ̃ Fia “Tsyɔ̃eviwo”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Tɔmanɔsiƒomewo—Kuxia Nu Tsitsi Kuraa
    Nyɔ!—2000
  • Tɔmanɔsiƒomewo—Ɣeyiɣiawo Ƒe Dzesi Wònye
    Nyɔ!—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 1/15 axa 31

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Esi New World Translation of the Holy Scriptures yɔ “ŋutsuvi siwo nye tsyɔ̃eviwo” zi geɖe ta la, ɖe wòfia be wometsɔ ɖeke le eme na nyɔnuviwo ya oa?

Menye nenemae kura o.

New World Translation of the Holy Scriptures zãa nyagbe si nye “ŋutsuvi siwo nye tsyɔẽviwo” le kpukpui geɖe siwo ɖe Mawu ƒe ɖetsɔleme na ɖevi siwo si dzilawo mele o fia la me. Mawu ɖe eƒe ɖetsɔleme sia fia eme kɔ ƒã le se si wòde na Israel-viwo me.

Le kpɔɖeŋu me Mawu gblɔ be: “Megate ahosiwo kple [ŋutsuvi siwo nye] tsyɔẽviwo la ɖe anyi o. Ne ète wo ɖe anyi eye wodo ɣli yɔm la, ekema maɖo to woƒe ɣlidodo la, eye nye dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye mawu mi kple yi, ale be mia srɔ̃wo atrɔ zu ahosiwo, eye mia viwo azu [ŋutsuvi siwo nye] tsyɔẽviwo.” (Mose II, 22:22-24) “Yehowa, mia Mawu la, enye mawuwo dzi Mawu kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, Mawu gã, si ŋu ŋusẽ kple ŋɔdzi le, amesi medea ame dzi o, eye mexɔa zãnu aɖeke o; amesi tsoa afia na [ŋutsuvi siwo nye tsyɔẽviwo] kple ahosiwo.”—Mose V, 10:17, 18; 14:29; 24:17; 27:19.

Biblia gɔmeɖeɖe geɖe ɖe kpukpui siawo gɔme be “tsyɔẽvi” na ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa. Gake gɔmeɖeɖe mawo wɔe be gɔmesese aɖe bu le Hebrigbe me nya si wozã (ya·thohmʹ) si le atsuƒome me la me. Ðe ema teƒe la, New World Translation of the Holy Scriptures ɖe egɔme be “ŋutsuvi si(wo) nye tsyɔẽvi(wo)” wòsɔ nyuie wu, abe alesi wòdze le Psalmo 68:6 ene, esi xlẽ be: “Tsyɔẽvi siwo nye ŋutsuviwo fofo kple ʋɔnudrɔ̃la na ahosiwo nye Mawu le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.” Le egɔme sese ɖe Hebrigbe me nya vevi ma ke nu la, dɔwɔnya aɖe si le Psalmo 68:12 ƒe asiƒomea na be teƒe ma xlẽ be: “Nyɔnu du nyui xɔlawo de ha kpaŋ.”a

Togbɔ be “ŋutsuvi si nye tsyɔẽvi” ye nye ya·thohmʹ ƒe gɔmeɖeɖe ŋutɔŋutɔ hã la, mele be woabu nya sia be efia ɖekematsɔleme na nyɔnuvi siwo si dzila mele o. Kpukpui siwo míeyɔ kple bubuwo fia be wode dzi ƒo na Mawu ƒe amewo be woalé be na nyɔnuwo kple ahosiwo. (Psalmo 146:9; Yesaya 1:17; Yeremya 22:3; Zaxarya 7:9, 10; Maleaxi 3:5) Le Sea me la, Mawu gaƒo nu tso ʋɔnudrɔ̃nya aɖe si me wotso nya me le be woana domenyinuwo nasu Zelofxad vinyɔnu siwo nye tsyɔẽviwo si la ŋuti. Se ma va zu ʋɔnudrɔ̃se si dzi wonɔ te ɖo le nya mawo tɔgbe dɔdrɔ̃ me eye woto esia me ʋli nyɔnuvi siwo nye tsyɔẽviwo ƒe gome si le wo si la ta.—Mose IV, 27:1-8.

Yesu melé ŋku ɖe ŋutsu alo nyɔnu si ɖevi aɖe nye ŋu hafi nyo dɔme nɛ o. Ke boŋ míexlẽe be: “Wotsɔ ɖevi suewo va egbɔ be, wòada asi ɖe wo dzi; ke nusrɔ̃lawo blu ɖe amesiwo tsɔ wo vɛ la ta. Ke esi Yesu kpɔe la, menyo eŋu o, eye wògblɔ na wo bena: Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔ enye mawufiaɖuƒe la. Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o. Eye esi wòlé wo ɖe eƒe akɔnu la, eyra wo, le esime wòda asi ɖe wo dzi.”—Marko 10:13-16.

Helagbe me nya si wozã le afisia be “ɖeviwo” mefia atsuƒome alo asiƒome o. Hela-nyadigbalẽ nyanyɛ aɖe gblɔ be “wozãa” nya sia na “ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa.” Yesu hã nɔ ɖetsɔleme ma ke si nɔ Yehowa si na ɖevi siwo katã nye ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo la ɖem fia. (Hebritɔwo 1:3; tsɔe sɔ kple Mose V, 16:14; Marko 5:35, 38-42.) Eyata ele be míade dzesii be aɖaŋu si woɖo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me le beléle na “tsyɔẽviwo” ŋu la nye alesi wòle be míatsɔ ɖe le eme na ɖevi siwo katã si dzila alo dzilawo mele o ŋuti nuxlɔ̃ame.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Yudatɔwo ƒe agbalẽ si nye Tanakh la xlẽ be: “AƑETƆ la de se; nyɔnu nyanyuigblɔlawo nye ameha gã aɖe.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe